Bible App logo
Search Icon

2Makabeowo 7

7
Vi nɔ aɖe kple via ŋutsuwo ku ɖe woƒe xɔse ta
1 # Heb 11.35, 36. Eva eme hã be wolé nɔviŋutsu adrẽ kple wo nɔ, eye fia la na wowɔ funyafunya wo, ƒo wo kple atam kpakple ka be yeazi wo dzi bene woaɖu halã, si mele se nu o. 2Wo dometɔ ɖeka abe woƒe nyanuɖela ene la be: “Nu ka nèɖo be yeabia eye yeasrɔ̃ tso mía gbɔ? Elabe míele klalo be míaku wu be míada mía tɔgbuiwo ƒe seawo dzi.”
3Esia na be fia la do dɔmedzoe vevie ale be wòɖe gbe be woaɖo agbawo kple nuɖazewo dzo dzi. 4Wodo dzo ɖe wo ŋu enumake. Egaɖe gbe be woasẽ ame si ƒo nu ɖe etɔwo nu la ƒe aɖe, ako eƒe tayi, alã eƒe asi kple afɔ esime nɔvia mamlɛawo kple wo nɔ nanɔ eteƒe kpɔm. 5Esi wɔna vɔ le eŋu keŋkeŋ, gake wògale gbɔgbɔm la, fia la ɖe gbe be woatee va dzoa gbɔ, eye woatɔe le agba la me. Dzudzɔ si le dodom tso agba la me la kaka yi adzɔge ʋĩi, gake nɔviawo kple wo nɔ de dzi ƒo na wo nɔewo be yewoaku bubutɔe. Wogblɔ be: 6#Mos V, 32.36.“Aƒetɔ Mawu le mía ta kpɔm, eye le nyateƒe me la, ele nublanui kpɔm na mí, abe ale si Mose ka ɖe edzi le eƒe hadzidzi aɖe, si ɖi ɖase ɖe dukɔwo ŋu ŋkume kple ŋkume la ene esi wògblɔ be, ‘Aƒetɔ la akpɔ nublanui na eƒe subɔlawo’.”
7Le nɔviŋutsu gbãtɔ ƒe ku alea megbe la, wokplɔ evelia va ŋgɔ na woƒe dzidzɔdoname nuwɔna la. Woko eƒe tayi kple ɖa la, eye wobiae be: “Àɖui loo alo woasẽ wò abɔ kple atawo le ŋuwò atsɔ ahe to na wòea?” 8Eɖo eŋu le tɔgbuiawo ƒe gbe me gblɔ na wo be: “Kpao” Eya ta eya hã to funyafunya la me abe ale si nɔvia gbãtɔ hã toe ene. 9Esi eƒe gbɔgbɔ mamlɛa nu le tsitsím la, egblɔ be: “Wò ŋutasẽla si woƒo fi de, èɖe mí ɖa tso agbe sia si li fifia la me, gake xexea me katã ƒe Fia la afɔ mí ɖe tsitre na agbe yeye si anɔ anyi tegbee, elabe míeku ɖe eƒe seawo ta.”
10Eya yome la, etɔ̃lia ye nye woƒe dzidzɔdoname nuwɔna la. Esi wobiae la, edo eƒe aɖe ɖa enumake eye wòdo eƒe asiwo ɖa dzideƒotɔe, 11eye wògblɔ bubutɔe be: “Mexɔ nu siawo tso Dziƒo, eye le eƒe seawo ta la, megbe wo. Mele mɔkpɔkpɔ me be magaxɔ wo tso eyama gbɔ.” 12Le esia ta la, fia la ŋutɔ kple ame siwo le egbɔ la ƒe nu ku, ɖe ɖekakpuia ƒe gbɔgbɔ si le eme la ta, elabe mebu eƒe fukpekpewo ɖe naneke me o.
13Le eya hã ƒe ku megbe la, wowɔ nu vevi kple funyafunya ame enelia hã nenema ke. 14Esi wòte ɖe ku ŋu la, egblɔ be: “Ame mate ŋu agbe be yemaku o, ke boŋ adi be yeaku ɖe amegbetɔwo si me, eye yeadzɔ dzi le mɔkpɔkpɔ si Mawu ana ye, ne wòfɔ ye la ŋu. Ke wò ya la, fɔfɔ tso ku me na agbe aɖeke manɔe na wò o.”
15Eya yome la, wohe atɔ̃lia va ŋgɔe, eye wowɔ nu vevi eya hã. 16Ke ekpɔ fia la hegblɔ be: “Togbɔ be gbetɔ si kuna lae nènye hã la, ŋusẽ le asiwò le amegbetɔ siwo kuna la dome, eye nèwɔa nu si nèlɔ̃ la. Gake mègabu be Mawu ɖe wògble míaƒe dukɔ la ɖi o. 17Yi edzi ko, eye àkpɔ ale si eƒe ŋusẽ triakɔ la awɔ funyafunya wò kple wò dzidzimeviwoe la ɖa!”
18Eya megbe la, wokplɔ adelia vɛ. Esi wòle kuku ge la, egblɔ be: “Mègable ɖokuiwò dzodzro o. Elabe míawo míele fu siawo kpem ɖe míawo ŋutɔ ƒe nuwɔnawo ta, elabe míewɔ vɔ̃, ɖe míawo ŋutɔ míaƒe Mawu ŋu. Esia tae nu manyatalenuwo le dzɔdzɔm ɖo. 19Gake mègabu be womele to he ge na wò, be nète kpɔ be yeawɔ avu kple Mawu o.”
20Edze be woakpɔ ŋudzedze le vi nɔ la ŋu tɔxɛe, eye edze be woaɖo ŋku eyama dzi kple bubu. Togbɔ be ekpɔ eteƒe esime via ŋutsu adrẽawo tsrɔ̃ le ŋkeke ɖeka dzi alea hã la, edo dzi tsɔe kple dzidzɔ, le mɔkpɔkpɔ si le esi le Aƒetɔ la me ta. 21Ede dzi ƒo na wo dometɔ ɖe sia ɖe le wo tɔgbuiwo degbe me. Esi gbɔgbɔ nyui yɔ eyama ta la, ede dzo eƒe nyɔnu susuwɔwɔ me kple ŋutsu ƒe dzideƒo, eye wògblɔ na wo be: 22“Nyemenya ale si miewɔ va dzɔ ɖe nye vidzidɔ me o. Menye nyee na agbe kple gbɔgbɔ mi o. Nenema ke menye nyee ɖo nu siwo le mia dometɔ ɖe sia ɖe me la wo nɔƒewo o. 23Eya ta xexea me Wɔla, ame si wɔ amegbetɔƒomea ƒe gɔmedzedzea eye wòto nuwo katã ƒe dzɔƒe gɔme la, agana agbe kple gbɔgbɔ mi, le eƒe nublanuikpɔkpɔ me, esi mieŋlɔ mia ɖokui be, be yewoawɔ eƒe seawo dzi ta.”
24Antioxo se le eɖokui me be wole vlo dom ye, eye wòbu susu vɔ̃ ɖe nyɔnu la ŋu to eƒe mokaka la me. Esime nɔviŋutsu ɖevitɔ la gale agbe la, menye ɖeko fia la dze agbagba be yeatrɔ eƒe susu to eƒe nyawo me o, ke boŋ edo ŋugbe hã ka atam ƒu edzi be yeana wòazu kesinɔtɔ si woaʋã ŋui, ne wòatrɔ le tɔgbuiawo ƒe mɔwo yome. Egblɔ hã be yeadze xɔlɔ̃ eyama eye yeatsɔe aɖo dukɔmenyawo nu. 25Esime ɖekakpui la medi be yease eƒe gbe kura o la, fia la yɔ nɔa va egbɔe, eye wòƒoe ɖe enu be woaxlɔ̃ nu ɖekakpuia be wòaɖe eƒe agbe. 26Le eƒe nuƒo legbe aɖe nɛ vɔ megbe la, nyɔnua lɔ̃ be yeatrɔ via ŋutsuvia ƒe susu. 27Gake, esi wòbí ɖe via dzi la, edo wo degbe na via tsɔ flu ŋutasẽla la. Ebe: “Vinye, kpɔ nublanui nam. Ɣleti asieke sɔŋ metsɔ wò ɖe nye dɔme, eye mena no wò ƒe etɔ̃. Menyi wò, eye mehe wò nètsi va ɖo afi si nèɖo egbe le wò agbe me, eye melé be na wò. 28Vinye, meɖe kuku na wò, be nàkpɔ dziƒo kple anyigba ɖa eye nàlé ŋku ɖe nu sia nu si le wo dzi la ŋu, eye nàde dzesii be Mawu mewɔ wo tso nu siwo nɔ anyi va yi la me o. Nenema kee amegbetɔƒomea hã va dzɔe. 29Mègavɔ̃ lãwula sia o, ke boŋ wɔ nu si ade bubu nɔviwòawo ŋu. Lɔ̃ nàku faa ale be to Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ me la, magaxɔ wò kple nɔviwòawo.”
30Esime wòganɔ nu ƒom la, ɖekakpuia bia be: “Nu ka lalam miegale? Nyemele fia la ƒe ɖoɖo dzi wɔ ge o, ke mawɔ se si wona mía tɔgbuiwo to Mose dzi la dzi boŋ. 31Ke wò, ame si fɔ mɔnuvɔ̃ɖi vovovo siwo dzi nàto afia fu Hebritɔwo la, màdo le Mawu ƒe asiwo me gbeɖe o. 32Míawo ya la, míawo ŋutɔ ƒe nuvɔ̃wo tae míele fu kpem ɖo. 33Ne míaƒe Aƒetɔ gbagbe la do dziku ɖe mía ŋu hena ɣeyiɣi kpui aɖe, be yeaka mo na mí, eye yeaɖɔ mí ɖo la, ekema agawɔ ɖeka kple eya ŋutɔ ƒe subɔlawo. 34Ke wò ŋutasẽla makɔmakɔ, wò ame si vɔ̃ɖi wu ame dzɔnakuawo katã la, mègado ɖokuiwò ɖe dzi dzodzro, eye nànɔ ɖokuiwò blem kple mɔkpɔkpɔ siwo dzi màte ŋu aka ɖo, esi nèkɔ wò asi dzi ɖe dziƒoviwo ŋu o. 35Mèsí le Ŋusẽkatãtɔ la, Mawu, nuwo katã kpɔla la, ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu haɖe o. 36Elabe esime mía nɔviawo do dzi kpe fu ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko megbe la, wokpɔ gome le agbe si nu mava yi o la me, le Mawu ƒe nubabla la ta. Ke wò la, àxɔ tohehe si dze la, le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me ɖe ale si nèdo ɖokuiwò ɖe dzi glodzoo la ta. 37Nye hã, abe nɔvinye ŋutsuawo ene la, metsɔ nye ŋutilã kple agbe na ɖe mía tɔgbuiwo ƒe seawo ta, hele koko ƒom na Mawu be, eteƒe madidi o la, wòakpɔ nublanui na míaƒe dukɔ la. Ke wò ya la, to tetekpɔwo kple dɔ vɔ̃wo me la, ana be nàʋu eme be eya koe nye Mawu. 38Ale to nye kple nɔvinye ŋutsuawo dzi la, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe si wòdo ɖe míaƒe dukɔ blibo la ŋu dzɔdzɔe la, nu afa.”
39Fia la ƒe dɔmedzoe ho ɖe eŋu eye wòwɔ funyafunyae wu nɔvia bubuawo elabe ale si wòkoe la ku dzi nɛ. 40Ale wòku le eƒe nuteƒewɔwɔ me esime wòka ɖe Aƒetɔ la dzi bliboe.
41Mlɔeba la, vi nɔ la ku, le viawo megbe.
42Nu siwo míegblɔ ku ɖe vɔsanuɖuɖu kple funyafunya sesẽawo ŋu la sɔ gbɔ.

Currently Selected:

2Makabeowo 7: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in