Fiawo II 2
2
Eliya yi dziƒo
1Esi ɣeyiɣi de be Aƒetɔ nakɔ Eliya ato yali me ayi dziƒo la, Eliya kple Elisa dze mɔ tso Gilgal yina. 2Eliya gblɔ na Elisa be: “Meɖe kuku, nɔ afii, elabe Aƒetɔ dɔm ɖe Betel ke.” Ke Elisa ɖo eŋu be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la kple wò ŋutɔ wò agbe, ne magblẽ wò ɖi fĩi!” Ale woyi Betel. 3Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nusrɔ̃la siwo le Betel la yi Elisa gbɔ ɖabiae be: “Ènyae be egbea Aƒetɔ le wò aƒetɔ kɔ ge ato tawò adzoe le gbɔwòa?” Elisa ɖo eŋu be: “Ẽ, nye hã menya; mizi ɖoɖoe.”
4Tete Eliya gagblɔ na Elisa be: “Meɖe kuku, nɔ afii elabe Aƒetɔ dɔm ɖe Yerixo.” Ke Elisa ɖo eŋu be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la kple wò ŋutɔ wò agbe, ne magblẽ wò ɖi fĩi!” Ale woyi Yerixo. 5Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nusrɔ̃la siwo le Yerixo la te ɖe Elisa ŋu biae be: “Ènyae be egbea Aƒetɔ le wò aƒetɔ kɔ ge ato tawò adzoe le gbɔwòa?” Elisa ɖo eŋu be: “Ẽ, nye hã menya; mizi ɖoɖoe.”
6Eliya gagblɔ na Elisa be: “Meɖe kuku, nɔ afii, elabe Aƒetɔ dɔm ɖe Yordan to.” Ke Elisa ɖo eŋu be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la kple wò ŋutɔ wò agbe, ne magblẽ wò ɖi fĩi” Ale wo ame evea dze mɔ yina, 7eye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo dome ame bla atɔ̃ kplɔ wo ɖo yi ɖe Yordan-tɔa nu. Eliya kple Elisa tɔ ɖe tɔa nu, eye gbeƒãɖela bla atɔ̃awo le adzɔge ɖa. 8Azɔ Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, ŋlɔe, eye wòtsɔe ƒu tsia dzi. Tsia ma ɖe akpa eve, eye wo ame evea to ƒuƒuiƒe yii. 9#Mos V, 21.17. Esi woɖi go la, Eliya gblɔ na Elisa be: “Bia nu si mawɔ na wò la hafi woakɔm adzoe le gbɔwò.”
Elisa ɖo eŋu be: “Meɖe kuku, nà wò gbɔgbɔ ƒe teƒe eve nava dzinye.” 10Eliya gblɔ be: “Nu si nèbia la sesẽ. Gake ne èkpɔ wokɔm le gbɔwò yinae la, ekema ava eme na wò, ke ne mèkpɔe o la, mava eme na wò o.” 11Wole nu ƒom le yiyim, kasia dzotasiaɖam kple dzosɔwo va ma wo ame evea dome eye Eliya to yali me yi dziƒo. 12#Fia II, 13.14; Sir 48.9, 12. Elisa nɔ ekpɔm, eye wòdo ɣli be: “Tɔ́nyee, tɔ́nyee! Israel ƒe tasiaɖam kple sɔdolawo loo!” Tete Eliya bu ɖee.
Tete Elisa lé eƒe awuwo hedze ɖe eve. 13Azɔ etsɔ Eliya ƒe awu ʋlaya si ge le eŋu la, eye wògbugbɔ va Yordan-tɔsisia nu. 14Etsɔ Eliya ƒe awu ʋlaya la ƒo tsia dzi, eye wògblɔ be: “Afi ka Aƒetɔ, Eliya ƒe Mawu la le? Eyama ɖe?” Egaƒo tsia dzi eye tsia ma ɖe eve, eye wòtso tɔa. 15Mawu ƒe gbeƒãɖela siwo le Yerixo la kpɔe le adzɔge ɖa. Wogblɔ be: “Eliya ƒe gbɔgbɔ ɖo Elisa me.” Woyi ɖakpee hebɔbɔ ta nɛ, 16eye wogblɔ be: “Kpɔ ɖa, mí wò dɔla kalẽtɔ bla atɔ̃ míele afii. Taflatsɛ, ɖe mɔ na mí míaɖadi wò aƒetɔ la. Ðewohĩ Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ tsɔe ɖaxlã ɖe to aɖe dzi, alo bali aɖe me.” Ke Elisa gblɔ na wo be: “Gbeɖe, migadɔ ame ɖa o.” 17Gake woƒo nya ɖe enu wòwui eye wòlɔ̃. Ale wodɔ ŋutsu bla atɔ̃ ɖa woyi ɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o. 18Esi wotrɔ va Elisa gbɔ le Yerixo la, egblɔ na wo be: “Nyemegblɔ na mi be migayi oa?”
Elisa wɔ nukunu aɖewo
19Yerixo-ŋutsuwo va gblɔ na Elisa be: “Amegã, abe ale si nèkpɔe ene la, wotso du sia ɖe teƒe nyui aɖe, gake míaƒe tsi menyo o, eye anyigba la hã menana be nu tsea ku o.” 20Elisa ɖo eŋu na wo be: “Mitsɔ agba yeye vɛ nam, ne miaɖe dze kɔ ɖe eme.” Wotsɔe vɛ. 21Elisa do yi tsia ƒe dzɔtsoƒe, eye wòkɔ dzea ɖe tsia me gblɔ be: “Aƒetɔ be: ‘Metrɔ tsi sia wòzu tsi nyui. Magahe ku kple kumatsematse vɛ azɔ o.’ ” 22Ale tsia trɔ zu tsi nyui va se ɖe egbe abe ale si Elisa gblɔe la ene.
23Azɔ Elisa dzo le Yerixo ɖo ta Betel. Esi wòyina la, ŋutsuvi sue aɖewo do tso dua me le alɔ me ɖem le eŋu be: “Tabebetɔ, lia toa nàdzo yi! Tabebetɔ, lia toa nàdzo yi!” 24Elisa nyè kɔ kpɔ wo le megbe, eye wòƒo fi de wo le Aƒetɔ ŋkɔ me. Tete sisiblisinɔ eve do tso ave me va vuvu ɖevi bla ene vɔ eve le wo dome ʋayaʋaya. 25Elisa tso le afi ma yi Karmel-toa dzi, eye emegbe la, etrɔ yi Samaria.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.