YouVersion Logo
Search Icon

Korintotɔwo II, 4

4
Gbɔgbɔ la ƒe nu xɔasi si le zewo me
1Esi Mawu kpɔ nublanui na mí tsɔ subɔsubɔdɔ sia na mí be míawɔ ta la, dzi meɖena le mía ƒo o. 2Míegbe ŋukpenanu kple bebemenuwɔwɔ. Míegbe ayemenuwɔwɔ kple Mawu ƒe nya la tɔtrɔ bubui. Ke boŋ míehea nyateƒe la ɖe go, eye to esia me míeɖea mía ɖokui fiaa ame sia ame ƒe dzitsinya, abe ale si míawɔe le Mawu ŋkume la ene. 3Elabe nenye be wotsyɔ nu míaƒe Nyanyui la dzi gɔ̃ hã la, ekema ame siwo tsrɔ̃ vɔ yina la ko wotsɔ nu tsyɔ edzi na. 4Xexe sia me mawu gbã ŋku na ame maxɔse siawo ƒe susu, ale be womate ŋu akpɔ Nyanyui la ƒe kekeli si nye Kristo, ame si le Mawu ƒe nɔnɔme me la ƒe ŋutikɔkɔe o. 5Elabe menye míawo ŋutɔ mía ɖokui míeɖea gbeƒãe o. Kristo Yesue míeɖea gbeƒãe be eyae nye Aƒetɔ, eye míawo míenye miaƒe subɔlawo le Yesu ta. 6#Mos I, 1.3. Mawu si gblɔ be, “Kekeli neklẽ tso viviti me” la, eya kee klẽ ɖe míaƒe dziwo me, be yeana míadze si Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒãa le Kristo ŋkume.
7Ke mí ame siwo me kesinɔnu sia le la, míele abe anyizewo ene. Esia le alea bene woadze sii be Mawu gbɔe ŋusẽ triakɔ la tso; menye mía gbɔ o. 8Wowɔa fu mí le go sia go me, ke wɔna mevɔna le mía ŋu o; wotɔtɔa míaƒe susu, ke dzi meɖena le mía ƒo o. 9Wotia mía yome, ke wo megble mí ɖi o; wotsɔa mí xlãna ɖe anyi, gake womewua mí o. 10Ɖaasi míetsɔa Yesu ƒe ku ɖe mía ŋutilã ŋu nɔa tsatsam, bena Yesu ƒe agbe hã nado ɖe mía ŋutilã ŋu. 11Esi míele agbe la, ku le ŋɔdzi dom na mí ɣe sia ɣi le Yesu ta, ale be Yesu ƒe agbe hã nadzé le míaƒe ŋutilã si kuna la me. 12Ale ku le dɔ wɔm le mía me, ke agbe le dɔ wɔm le miawo mia me.
13 # Ps 116.10. Ke xɔse le mía si. Mawunya gblɔ be, “Mexɔe se, eya ta meƒo nu ɖo.” Gbɔgbɔ ma ke, si nana be ame xɔna sena la, le míawo hã mía si, eya ta míawo hã míeƒoa nu ɖo. 14Míenya be Mawu, si fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre la, afɔ míawo hã ɖe tsitre kple Yesu, eye wòakplɔ mí kpakple miawo siaa ava eŋkume. 15Elabe nu sia nu si dzɔna ɖe mía dzi la, mia tae, be ne amenuvenu si sɔgbɔ ɖe edzi to ame geɖewo dzi la, nagba go hena Mawu ƒe kafukafu.
Agbenɔnɔ ɖe xɔse nu
16Le esia ta la, dzi meɖe le mía ƒo o. Togbɔ be míaƒe ŋutilã sia le gbegblẽm vivivi hã la, wole agbe gbɔm míaƒe gbɔgbɔ ya gbe sia gbe. 17Fu sue si kpem míele fifia la, manɔ anyi ɖaa o. Ele mía dzram ɖo na ŋutikɔkɔe mavɔ, si womate ŋu atsɔ asɔ kple naneke o la. 18Elabe menye nu si le dzedzem la ŋue míaƒe ŋku le o, ke boŋ nu si mele dzedzem o la ŋue. Nu si wokpɔna kple ŋku la, menɔa anyi ɖaa o; ke nu si womekpɔna kple ŋku o lae nɔa anyi ɖaa.

Currently Selected:

Korintotɔwo II, 4: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in