Skip to content

Kronika II 3

3
1 # Mos I, 22.22. Ale Salomo dze Aƒetɔ ƒe xɔ la tutu gɔme le Yerusalem, ɖe Moria-to la dzi le teƒe si Aƒetɔ ɖe eɖokui fia tɔ́a David le. Afi sia nye Ornan Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe si David dzra ɖo ɖi la. 2Salomo dze xɔa tutu gɔme le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè enelia me le ɣleti evelia ƒe ŋkeke evea gbe. 3Dzidzeme si dzi Salomo ɖo be woatu Mawu ƒe xɔ la ɖo: Eƒe didime ɖe dzidzeme xoxoa nu le meta bla eve vɔ adrẽ; eƒe kekeme le meta asieke. 4Akpata le xɔa ŋgɔ. Eƒe didime le meta asieke, si nye gbedoxɔa ƒe kekeme, eye eƒe kɔkɔme le meta bla atɔ̃ vɔ ene. Wofa sika nyuitɔ ɖe xɔa me. 5Eklã sesewuʋuƒowo ɖe xɔa lolotɔ me, eye wòfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu. Eɖe detiwo kple kɔsɔkɔsɔwo ƒe nɔnɔme ɖe ʋuƒoawo dzi. 6Eɖo kpe xɔasi ɖe xɔa me tsɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ. Sika la tso Parvayim. 7Efa sika ɖe daɖedziawo, kpuiawo, gliawo kple ʋɔtruawo ŋu le xɔa me, eye wòɖe kerubiwo ƒe nɔnɔme ɖe gliawo ŋu.
8 # Mos II, 26.33, 34. Ewɔ kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe ɖe xɔa me. Edidi meta asieke, abe xɔa ƒe kekeme ene, eye wòkeke meta asieke. Etsɔ sika nyuitɔ ton bla eve ƒe kpekpeme fa ɖe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la ƒe gliawo ŋu. 9Gatagbadzɛawo ƒe kpekpeme le sika gram alafa atɔ̃ bla adrẽ. Efa sika ɖe xɔa tametɔwo me.
10 # Mos II, 25.18-20. Ekpa kerubi eve ƒe nɔnɔme ɖe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la, eye wofa sika ɖe wo ŋu. 11Kerubi kpakpa eveawo ƒe aʋalawo didi abe meta ewo ene. Ðeka ƒe aʋala ɖeka didi abe meta eve kple afã ene, eye wòɖatɔ xɔ la ƒe gli. Aʋala evelia hã didi abe meta ene kple afã ene, eye wòɖatɔ kerubi bubua ƒe aʋala nu. 12Kerubi evelia hã ƒe aʋala ɖeka didi abe meta eve kple afã ene, eye wòɖatɔ xɔa ƒe glia. Eƒe aʋala evelia hã didi abe meta eve kple afã ke ene, eye wòɖatɔ kerubi gbãtɔ ƒe aʋala nu. 13Kerubi siawo ƒe aʋalawo ƒe kekeme katã de meta ewo lɔƒo. Wole tsitre ɖe afɔ eve dzi, eye wotrɔ mo ɖe xɔ la me. 14#Mos II, 26.31. Salomo na wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɣia lɔ̃ xɔmetsovɔe, eye wowɔ kerubiwo ƒe nɔnɔme ɖe eme.
Akɔblisɔti eveawo
(Fia I, 7.15-22)
15Fia la wɔ sɔti eve ɖe xɔ la ŋgɔ, ɖe sia ɖe kɔ abe meta wui atɔ̃ kple afã ene. Eɖo ta, si le abe meta eve kple afã ene la ɖe sɔti ɖe sia ɖe tame. 16Ewɔ kɔsɔkɔsɔwo, eye wòtsɔ wo lɔ̃ gaɖɔe ɖe sɔtiawo ƒe tawo ŋu, eye wowɔ yevuboɖa tsetse alafa ɖeka ɖe kɔsɔkɔsɔawo dome. 17Etu sɔtiawo ɖe akpata la ŋgɔ, ɖeka le ɖusime, eye evelia le miame. Ena ŋkɔ ɖusimetɔ be Yaxin#3.17: YAXIN: Ŋkɔ sia ɖi nyagbe Eyae ɖoa nu gɔme anyi le Hebri-gbe me. eye wòna ŋkɔ miametɔ be Boaz.#3.17: BOAZ: Ŋkɔ sia ɖi nyagbe To eƒe ŋusẽ me le Hebri-gbe me.