Bible App logo
Search Icon

Kronika II 2

2
Fia Salomo dzra ɖo be yeatu gbedoxɔ
(Fia I, 5.1-8)
1Salomo ɖo be yeatu xɔ si me woasubɔ Aƒetɔ le kple fiasã na ye ɖokui. 2Edi agbatsɔla akpe bla adrẽ kple kpedɔwɔla akpe bla enyi tso tonyigba dzi de dɔa me. Wo dzikpɔlawo le ame akpe etɔ̃ alafa ade. 3Fia Salomo ɖo du ɖe Tiro-fia Xuram be: “Èwɔ nyui na tɔ́nye David, eye nèɖo sederti ɖee be wòatsɔ atu xɔe anɔ eme. 4Kpɔ ɖa, mebe matu xɔ na Aƒetɔ, nye Mawu, ne woasubɔe le eme. Makɔ eŋu nɛ, ne woatɔ dzo lifi le eŋkume, ada vɔsabolo ɖe eŋgɔ, eye woasa numemevɔ nɛ le afi ma ŋdi kple fiẽ, le dzudzɔgbewo, le Dzinu Yeye Ŋkeke Nyui ɖuɣiwo kple le Aƒetɔ, mía Mawu ƒe ŋkekenyui bubuwo dzi. Esia nye Israel ƒe dɔdeasi tegbee. 5Xɔ lolo ŋutɔ mebe matu elabe mía Mawu la lolo wu mawu bubuwo katã. 6#Fia I, 8.27; Kron II, 6.18. Ke ame ka ate ŋu atu xɔ nɛ, esime dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo gɔ̃ hã melolo nɛ wòanɔ o? Menye lifi ko mate ŋu atɔ dzoe le eŋkume oa? 7Eya ta ɖo aɖaŋudɔwɔla aɖe ɖem. Amea nenya sika, klosalo, akɔbli kple ga yibɔ ŋu ɖaŋu. Nenya aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzẽ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋudɔwɔwɔ, eye wòanya atiŋɔŋlɔ hã nyuie. Medi be wòava kpe ɖe aɖaŋudɔwɔla siwo tɔ́nye David tia, eye wole gbɔnye le Yuda kple Yerusalem la ŋu. 8Menya be wò amewo nya Lebanon-ti ŋudɔwɔwɔ, eya ta ɖo sederti, sesewuti kple papawuti ɖem tso Lebanon. Nye amewo akpe ɖe wò amewo ŋu, 9ne woadi atiwo nam geɖe fũu elabe xɔ si tu ge mala la alolo, eye wòanye nukpɔkpɔ tɔxɛ. 10Kpɔ ɖa, matsɔ lu gigli ton akpe eve, ƒo ton akpe eve, wain lita akpe alafa ene kple ami lita akpe alafa ene aɖo ɖe wò dɔla siwo awɔ atidɔ la.
11Tete Xuram Tiro-fia ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Salomo be: “Aƒetɔ lɔ̃ eƒe dukɔ eya ta wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu.” 12Xuram gagblɔ be: “Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, dziƒo kple anyigba Wɔla, be wòna vi nyanu fia David. Ena nunya kple nugɔmesesee be wòatu gbedoxɔ na Aƒetɔ, eye wòatu fiasã na eɖokui.
13“Azɔ mele Xuram Abi ɖom ɖe wò. Enye aɖaŋudɔwɔla si nunya le tagbɔ na. 14Nɔa tso Dan-to la me, eye tɔ́a tso Tiro. Enya sika kple klosalo, akɔbli kple ga yibɔ, kpe kple ati ŋudɔwɔwɔ. Enya aɖabɛ dzĩtɔ kple blɔtɔ, avɔ dzĩ xɔasi kple aklala biɖibiɖi ŋudɔwɔwɔ. Enya nɔnɔme vovovowo ŋɔŋlɔ, eye wòtea ŋu ŋlɔa aɖaŋu si woɖɔ nɛ la hã. Na wòakpe ɖe wò aɖaŋudɔwɔlawo kple nye aƒetɔ David ƒe aɖaŋudɔwɔlawo ŋu. 15Azɔ lu kple ƒo, ami kple wain siwo ƒe nya nègblɔ la, àte ŋu aɖo wo ɖe mí, wò dɔlawo. 16Ati agbɔsɔsɔ sinu nèhiã la, míatso wo le Lebanon-toa dzi, abla wo tatata atsɔ to ƒu dzi ava Yafo na wò, eye wò la, nàva fɔ wo yi Yerusalem.”
Wodze gbedoxɔ la tutu gɔme
(Fia I, 6.1-38)
17Fia Salomo na woxlẽ amedzro siwo katã le Israel-nyigba dzi abe ale si tɔ́a David wɔ kpɔ ene. Ekpɔ ŋutsu akpe alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ade. 18Ena wo dome akpe bla adrẽ zu agbatsɔlawo, ame akpe bla enyi zu kpedɔwɔlawo le tonyigba la dzi, eye ame akpe etɔ̃ alafa ade nye dɔdzikpɔla siwo kpɔa egbɔ be ameawo nawɔ dɔ.

Currently Selected:

Kronika II 2: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in