Tesalonikatɔwo I 3
3
1 #
Dɔw 17.15. Ale esi míesusu mi kakaka wòglo mí la, míeɖoe be míawo míatsi Atene 2eye míedɔ Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla, ame si subɔa Mawu to Kristo ƒe Nyanyui la kaka me la, ɖo ɖe mi. Míaƒe didie nye be wòali ke miaƒe xɔse, eye wòado ŋusẽ mi, 3ale be fu siwo kpem miele la, nagaɖe dzi le ame aɖeke ƒo o. Miawo ŋutɔ mienyae be esiae nye míaƒe dɔ. 4Esime míenɔ mia gbɔ la, míegblɔe na mi kɔtɛe do ŋgɔ be fuwo fuwo kpe ge miala, abe ale si wòle eme vam miele kpɔkpɔm ene. 5Mede dzi do ge do kpoe, esia tae medɔ Timoteo ɖo ɖa ɖo, be wòava akpɔ ale si miaƒe xɔse la le, ava agblɔ nam. Menɔ vɔvɔ̃m be ta menyo o, ametekpɔla va te mi kpɔ eye míaƒe agbagbadzedze zu dzodzro mahĩ!
6 #
Dɔw 18.5. Ke azɔ esi Timoteo trɔ tso mia gbɔ va ɖo mía gbɔ la, ehe dzidzɔnya vɛ na mí tso miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ ŋuti. Eva gblɔ na mí be miaƒe ŋku le mía dzi ŋutɔ ɣe sia ɣi, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí, abe ale si míawo hã míedi vevie be míagakpɔ mi ene. 7Eya ta, nɔviwo, le míaƒe xaxawo kple fukpekpewo katã me hã la, dzi gaɖo mía ƒo, le xɔse si le mia si la ta, 8elabe ne miele te sesĩe le Aƒetɔ la me la, ekema agbe gaɖo mía me. 9Ɖe míate ŋu ada akpe na Mawu le mia ta wòade edeƒea? Dzidzɔ gã si miedo na mí, le mía Mawu ŋkume la, wu gbɔgblɔ. 10Míele gbedodoɖa dzi vevie zã kple keli be míagado go ŋkume kple ŋkume, ale be nu siwo gakpɔtɔ le miaƒe xɔse la ŋuti la, míatsɔ wo akpee na mi.
11Azɔ la, mía Mawu kple Tɔ́ la ŋutɔ kple mía Aƒetɔ Yesu nekplɔ mí be míava mia gbɔ. 12Aƒetɔ la nena be ale si mielɔ̃ mia nɔewo kple ame bubuwo katãe la natsi ɖe edzi ahakeke ta, abe ale si míelɔ̃ mii la ene. 13Ale wòali ke miaƒe dziwo, bene mianɔ te sesĩe azu ame siwo ŋu wokɔ, ame siwo ŋu mokaka mele o, le mía Mawu kple Tɔ́ la ŋkume, le gbe si gbe mía Aƒetɔ Yesu kple eƒe ame siwo ŋuti wokɔ la ava do la.
Currently Selected:
Tesalonikatɔwo I 3: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.