Samuel I 2
2
Xana ƒe gbedodoɖa
1 #
Luk 1.46-55. Xana hã do gbe ɖa gblɔ be:
“Aƒetɔ na nye dzi vu gblotoo
le aseye tsom.
Aƒetɔ ɖe nye ŋusẽ fia
eye dzidzɔ yɔ menye.
Meko nye futɔwo;
elabe èxɔ nam
eye dzi le dzɔyem.
2“Ame aɖeke mele kɔkɔe
abe Aƒetɔ ene o.
Ame aɖeke meli
abe wò ene o.
Agakpe aɖeke meli
abe mía Mawu la ene o.
3Midzudzɔ adegbeƒoƒo dàdatɔe
eye nya vlowo meganɔ dodom
le mia nu o.
Elabe Aƒetɔ nye Mawu
si nya nu sia nu.
Eyae tsoa nya me
le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo ŋu.
4Kalẽtɔwo ƒe datiwo ŋe klíklikli,
ke ame beliwo kpɔ ŋusẽ.
5Ame siwo ɖua nu ɖia ƒo tsã la,
tsɔ wo ɖokui de awɔba
be yewoakpɔ nu aɖu.
Ke ame siwo mekpɔa nu ɖuna tsã o la,
dɔ megawua wo azɔ o.
Konɔ va dzi vi zi adrẽ,
ke vi geɖe dzila va zu
abe ame madzivikpɔ ene.
6 #
Nya 16.13; Tob 13.2. Aƒetɔ wua ame,
eye eya ke gbɔa agbe ame.
Eɖoa ame ɖe tsiẽƒe,
eye wògahea ame doa goe.
7Aƒetɔ wɔa ame dahe,
eye wògawɔa kesinɔtɔ hã.
Eyae bɔbɔa ame aɖewo ɖe anyi,
eye wòdoa bubuwo ya ɖe dzi.
8Eyae ɖea ame dahewo tso ké me,
eye wòkɔa hiãtɔwo ɖe dzi
tso dzowɔ me.
Ewɔ esia
be woanɔ anyi ɖe amegãwo dome,
eye woabɔbɔ nɔ bubuteƒewo.
Anyigba ƒe gɔmeɖoɖowo nye Aƒetɔ tɔ,
eye woawo dzie
wòtu xexea me godoo ɖo.
9Ekpɔa eƒe ame wɔnuteƒewo ta
be woanya zɔzɔ;
ke ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃ ɖe viviti me,
elabe menye ame ƒe ŋusẽe
naa wòɖua dzi o.
10Woatsrɔ̃ Aƒetɔ ƒe futɔwo;
aɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo.
Aƒetɔ adrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã,
ana ŋusẽ eƒe fia la
eye wòana eƒe amesiamina la aɖu dzi.”
11Emegbe Elkana trɔ yi wo de Rama, ke via ya tsi nunɔla Eli gbɔ hesubɔ Aƒetɔ.
Nunɔla Eli viŋutsuwo
12Eli viŋutsuwo nye yakamewo. Womebua Aƒetɔ ɖe naneke me o, 13eye wometsɔ ɖeke le kɔnu si le nunɔlawo si na dukɔa la hã me o. Ne ame aɖe va le vɔ sam la, nunɔla ƒe dɔla léa gaflo nuetɔ̃ ɖe asi vanɛ. Esime vɔsala la le lã la ɖam la, 14nunɔla ƒe dɔla tɔa lãwo le gaze alo ze, kutu alo agba me, eye nu sia nu si gaflo la he ɖi goe la zua nunɔla la tɔ. Aleae wowɔna ɖe Israelvi ɖe sia ɖe si va vɔ sa ge le Silo la ŋu. 15Gawu la, hafi woaɖe amia atɔ dzoe la, nunɔla ƒe dɔla yina ɖe ame si va le vɔ sam la gbɔ ɖagblɔna nɛ be: “Nà lã aɖem ne nunɔla name; mele ɖaɖaa dim o, mumua dim wòle.” 16Ne vɔsala la ɖo eŋu be: “Nà woatɔ dzo amia gbã, emegbe àte ŋu atsɔ lã ale sinu dze ŋuwò” la, egblɔna be: “Gbeɖe! Tsɔe nam fifi laa! Ne menye nenema o la, matsɔe kple sesẽ!” 17Eli viawo ƒe nuvɔ̃ sia vɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume ŋutɔ, elabe womede bubu aɖeke Aƒetɔ ƒe vɔsa la ŋu o.
Samuel le Silo
18Le ɣeyiɣi sia me la, Samuel nɔ subɔsubɔdɔ wɔm le Aƒetɔ ŋkume. Enye ɖevi dzaa si doa aklalawu si tɔgbe subɔlawo dona. 19Nɔa tɔa dziwui ɖagbee aɖe ɖananɛ ƒè sia ƒè, ne eya kple srɔ̃a Elkana va ƒètatrɔvɔ sa ge. 20Emegbe Eli biaa yayra na Elkana kple srɔ̃a gblɔna be: “Aƒetɔ negana nyɔnu sia nadzi viwo na wò nàtsɔ ɖo esi nètsɔ nɛ la teƒe.”
Emegbe wotrɔna yia wo de.
21Aƒetɔ ve Xana nu, wòdzi ŋutsuvi etɔ̃ kple nyɔnuvi eve. Samuel ɖevi la hã tsi le Aƒetɔ gbɔ.
Eli kple via ŋutsuwo
22Azɔ Eli tsi ku amegã. Enɔ nu siwo katã via ŋutsuwo nɔa wɔwɔm ɖe Israel-dukɔmeviwo ŋu la sem. Ese hã be viawo dɔna kple nyɔnu siwo subɔna le godoƒegbadɔ nu la gɔ̃ hã. 23Ale wògblɔ na wo be: “Nu ka ta miele nu siawo wɔm? Ame sia ame le nu vlo siwo wɔm miele la gblɔm. 24Vinyewo, mesɔ o hee! Aƒetɔ ƒe dukɔmetɔwo mele nya nyui aɖeke gblɔm le mia ŋu o. 25Ne ame wɔ vɔ̃ ɖe ehavi ŋu la, Mawu axɔ nya ɖe vɔ̃wɔla la nu. Gake ne ame wɔ vɔ̃ ɖe Mawu ŋu la, ame kae aʋli eta?” Ke wogbe wo tɔ́a ƒe gbesese elabe Aƒetɔ ɖo be yeawu wo.
26 #
Sir 46.13; Luk 2.52. Samuel ɖevi la tsi ɖe edzi, eye eƒe nu dze Aƒetɔ kple amegbetɔwo siaa ŋu.
Mawu ƒe gbedeasi ɖe Eli ƒomea ŋu
27Azɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe va Eli gbɔ gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ be: ‘Meɖe ɖokuinye fia tɔ́wò ƒe ƒome esime wonye kluviwo na Egipte Fiagã le Egipte-nyigba dzi. 28#Mos II, 28.1-4; Mos III, 7.35, 36.Metia ƒome sia tso Israel-toawo katã dome be woanye nye nunɔlawo. Woawoe asubɔm le nye vɔsamlekpui la ŋgɔ, atsɔ lifi asa vɔe, eye woawo kee ado nunɔlawo ƒe awu si wotsɔna subɔnae le ŋkunye me. Vɔsanu siwo katã Israelviwo naam la, metsɔ wo na tɔ́wò be woanye wo tɔ. 29Ale ke wɔ nèklẽ ŋu ɖe nye vɔsa kple nunana si mebia la ŋu? Nu ka ta nède bubu viwòwo ŋu wum? Mieɖu nye dukɔ ƒe vɔsalã ƒe akpa nyuitɔwo heda ami. 30Le esia ta Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ be: ‘Medo ŋugbe va yi be wò ƒome kple tɔ́wò ƒe ƒome anye nye nunɔlawo anɔ gbɔnye asubɔm tegbee.’ Ke azɔ la, Aƒetɔ le gbɔgblɔm be: ‘Evɔ, magava eme gbeɖe o. Ame siwo buam la, nye hã mabu wo eye ame siwo doa vlom la, nye hã mado vlo wo. 31Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime mawu ɖekakpuiwo le wò ƒome me kple tɔ́wò tɔ me, ale be ame tsitsi aɖeke maganɔ wò ƒomea me loo, alo tɔ́wò tɔ me o. 32Ne esia va eme la, àxa nu eye àʋã ŋu Israel-dukɔmevi bubuwo le ale si mana nu nanyo na woawo la ta. Ke le wò ya gome la, ame tsitsi aɖeke maganɔ wò ƒome me akpɔ o. 33Gake magblẽ wò dzidzimevi ɖeka aɖe ɖi si anye nunɔla asubɔm. Ke mana eƒe ŋkuwo agbã eye agbenɔnɔ azu dɔ nɛ. Aƒewòmeviwo ya la, woaku ku kpata le ɖekakpuime. 34#Sam I, 4.11.Ne viwòawo kple evea, Xofni kple Pinehas, ku gbe ɖeka la, aɖee afia wò nànya be nya siwo katã megblɔ la le me va ge godoo. 35Maɖo nunɔla nuteƒewɔla, ame si awɔ nu ɖe nye didi nu la na ɖokuinye. Mana eƒe dzidzimeviwo nasubɔm le nye amesiamina gbɔ tegbee. 36Wò dzidzimevi siwo asusɔ la ayi nunɔla la gbɔ aɖabia ga kple nuɖuɖui, eye woaɖe kuku nɛ be: “Míeɖe kuku, ɖe mɔ na mí ne míakpe ɖe nunɔlawo ŋu ale be míakpɔ nane aɖu.’ ”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.