Korintotɔwo I, 2
2
Gbeƒãɖeɖe Kristo si woklã ɖe atitsoga ŋu la
1Nɔvinyewo, esia tae esi meva mia gbɔ, be maɖe gbeƒã Mawu ƒe nya ɣaɣla la la, nyemetsɔ nya gãwo, alo aɖaŋunuƒoƒo ɖe gbeƒãe na mi o. 2Elabe esi menɔ mia dome la, meɖoe be naneke manɔ nye susu me wu Yesu Kristo si woklã ɖe ati ŋu la o. 3#Dɔw 18.9. Ame beli kple vɔvɔ̃nɔtɔ menye, hedzona nyanyanya ɣe ma ɣi. 4Nyemezã nya lolo, siwo me amegbetɔwo ƒe nunya be ɖo o, ke boŋ meɖe gbeƒã gbedeasi la dzaa ko, abe ale si Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ɖee fia to eƒe ŋusẽ me la ene. 5Nyemedi hã be miaƒe xɔse natsi tsitre ɖe amegbetɔwo ƒe nunya dzi o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe ŋusẽ la dzi.
Mawu ƒe nunya
6Míenyaƒoa nu le nunya ŋu na ame deŋgɔwo baa; gake menye xexe sia me ƒe nunya alo edziɖulawo, ame siwo si woxɔ ŋusẽ le xoxo la, ƒe nya gblɔm mele o. 7Ke nunya si ŋu míeƒoa nu le la wotsyɔ nu edzi, heɣlae ɖe Mawu me. Mawu da asi ɖe edzi hafi xexea me va dzɔ, be woato nunya sia dzi ado mí ɖe dzi. 8#Bar 3.14-17.Xexe sia me dziɖula aɖeke menya nya ɣaɣla sia o, elabe ne ɖe wonyae la, anye ne womeklã Aƒetɔ ŋutikɔkɔetɔ la ɖe atitsoga ŋu o. 9#Yes 64.4; Sir 1.9, 10. Ke woŋlɔe ɖi be:
“Nu si ŋkumekpɔ kpɔ o;
nu si to mese kpɔ o,
nu si meva susu me
na ame aɖeke kpɔ o lae,
Mawu dzra ɖo ɖi
na ame siwo lɔ̃e la.”
10Mawu ɖe nu siawo fia míawo ya to eƒe Gbɔgbɔ la dzi, elabe Gbɔgbɔ la dzroa nu sia nu me tsitotsito. Edzroa keke Mawu ƒe nu goglowo ke gɔ̃ hã me. 11Ame kae nya nu si le ame aɖe ƒe susu me ke? Ɖe menye eƒe gbɔgbɔ si le eya ŋutɔ me la ke koe nyae oa? Nenema ke ame aɖeke menya nu si le Mawu ƒe susu me o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ko. 12Menye gbɔgbɔ si le xexe sia me lae míexɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ si tso Mawu gbɔ lae míexɔ, be míate ŋu ase nu siwo Mawu tsɔ na mí faa la gɔme.
13Ale menye nunya si míesrɔ̃ tso amegbetɔwo gbɔ la, míetsɔna ƒoa nui o, ke boŋ nu siwo Gbɔgbɔ la fia mí lae, bene míaɖe nyateƒe si le gbɔgbɔ me la afia ame siwo me Gbɔgbɔ la le la.
14Ame si me Gbɔgbɔ la mele o la, mete ŋu xɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nunanawo o. Movinyawo ko woɖina nɛ. Mate ŋu ase wo gɔme hã o, elabe ame si me Gbɔgbɔ la le la koe anya be nu vevi wonye. 15Ke ame si le gbɔgbɔ me la nyaa nu si nyo kple esi menyo o, ɖeko ame aɖeke mete ŋu dzea si eyama o. 16#Yes 40.13. Woŋlɔ ɖe mawunya me be:
“Ame kae nya susu si le tame na Aƒetɔ la?
Ame kae afia nui?”
Míawo ya la, Kristo ƒe tamesusue le mía si.
Currently Selected:
Korintotɔwo I, 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.