Korintotɔwo I, 14
14
Gbɔgbɔ la ƒe nunana bubuwo
1Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu, ke midi gbɔgbɔmenunana bubuwo hã, vevietɔ be miate ŋu aɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi. 2Ne ame aɖe ƒoa nu ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o me la, eƒoa nu na Mawu ɖeɖe ko, ke menye na amewo o, elabe ame aɖeke mesea nya si gblɔm wòle la gɔme nɛ o, togbɔ be nya siwo ɣla ɖe Gbɔgbɔ la me la ŋue wòƒoa nu tsoe hafi. 3Ke ame si ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi ya ƒoa nu na amewo bene woatsi ɖe edzi. Edea dzi ƒo na wo hefaa akɔ na wo. 4Ame si ƒoa nu ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o me la, kpena ɖe eya ŋutɔ ɖokui ko ŋu, ke ame si ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi ya kpena ɖe hame blibo la ŋu. 5Edzrom be mi katã miaƒo nu ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o la me; ke edzrom wu sãa be miaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la. Ame si ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi de ŋgɔ sãa wu ame si ke ƒoa nu ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o la me. Le ame sia gome la, ele be gbesela aɖe naɖe nu si gblɔm wòle la gɔme hafi eƒe nya la nado hame la ɖe ŋgɔ.
6Nɔvinyewo, nenye be meva mia gbɔ hele nu ƒom ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o me la, esia aɖe vi aɖe na mia? Ke nenye be mehe nyaɖeɖefia aɖe, alo nunya aɖe, alo Mawu ƒe gbedeasi aɖe, alo nufiafia aɖe ya vɛ la, nye vava aɖe vi godoo. 7Nenema ko wòle le kpẽ kple kasaŋku siwo me agbe mele o, evɔ ne woƒo wo alo ku wo la, woɖina la hã gome. Ne gbeɖiɖi vovovoawo me meɖe nyuie be ame nase o la, ale ke woawɔ anya nu si kum kpẽ la le, alo ha si ƒom wole kple kasaŋku la? 8Ne aʋayikpẽ maɖi eme nakɔ o la, ame ka adzra eɖokui ɖo be yeayi aʋagbedzi? 9Nenema tututue miawo hã miewɔna: ne miele gbe si ke me ame aɖeke mese o la dom nyamanyama, eye nyaawo hã me meɖe nyuie o ɖe, ale ke ame aɖe ate ŋu anya nu si gblɔm miele la? Nu ko wònye minɔa ƒoƒom ɖe ya me dzro. 10Gbegbɔgblɔ vovovowo le xexea me fũu, ke ɖeke meli si gɔme ame aɖeke mese o. 11Ke ne nyemese gbe aɖe o la, manye fiafiala le gbe ma gblɔla gbɔ, eye eya hã anye fiafiala le gbɔnye. 12Le miawo hã gome la, esi wònye ɖe mietsi dzi ɖe gbɔgbɔ la ƒe nunanawo ŋu ta la, mido vevie nu le esiwo ana be hamea natsi ɖe edzi la me.
13Ale ame si ƒoa nu ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o me la, nedo gbe ɖa be woana yeate ŋu aɖe egɔme hã. 14Ne medoa gbe ɖa ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o me la, ekema nye gbɔgbɔ koe nye ema le gbea dom ɖa, ke nye susu ya mekpɔ viɖe aɖeke o. 15Azɔ, nu ka wòle be mawɔ? Mado gbe ɖa kple nye gbɔgbɔ kpakple susu siaa. Madzi ha kple nye gbɔgbɔ kpakple nye susu hã. 16Ne menye nenem o la, ne èda akpe na Mawu le gbɔgbɔ me ɖeɖe ko la, ale ke ame si menya nu si nègblɔ o la lawɔ alɔ̃ “Amen” ɖe wò akpedada la dzi, esime mese nu si gblɔm nèle la gɔme o mahã? 17Eme kɔ be ɖewohĩ ànyada akpe nyuie tà, ke meɖe vi na ame bubu aɖeke o. 18Meda akpe na Mawu be meƒoa nu ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o la me wu mi katã. 19Gake le sɔleme la, enyo nam sãa be magblɔ nya atɔ̃ ɖeɖe ko kple nye susu atsɔ afia nu amewoe, wu be magblɔ nya akpe ewo ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o la me.
20Nɔvinyewo, miganɔ tame bum abe ɖeviwo ene o. Le nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me la, minɔ abe vidzĩwo ene baa, ke mibu tame ya abe ame tsitsiwo ene. 21#Yes 28.11, 12. Woŋlɔ ɖe segbalẽa me be:
“Maƒo nu na dukɔ sia to gbe bubu gblɔlawo
kple amedzrowo dzi,
ke ema gɔ̃ hã mana woaɖo tom o.
Aƒetɔ lae gblɔe.”
22Ale nuƒoƒo ɖe gbe si ame aɖeke mese o la me nye nu tɔxɛ le ame siwo menye xɔsetɔwo o la gbɔ, ke menye le xɔsetɔwo gbɔ o. Evɔ la, gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe gbedeasi ya nye xɔsetɔwo ƒe nuwɔna, ke menye ame siwo menye xɔsetɔwo o la tɔ o. 23Eya ta nenye be hame bliboa va kpe ta, eye wole nu ƒom ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o me la, ne ame siwo mele hamea me o, alo ame siwo menye xɔsetɔwo o la va ge ɖe eme la, ɖe womagblɔ be miedze aɖaʋa oa? 24Ke ne mi katã miele gbeƒã ɖem Mawu ƒe gbedeasi, eye ame si mele hamea me o, alo menye xɔsetɔ o la va ge ɖe eme la, ase nya aɖe godoo wòawɔ dɔ ɖe edzi, eye wòayi eɖokui me. Atsɔ nya si wòse la adrɔ̃ ʋɔnu eɖokui, 25eye nu siwo wòɣla ɖe eƒe dzime la, adze go. Atsyɔ mo anyi asubɔ Mawu agblɔ be: “Nyateƒee, Mawu le mia dome.”
Ɖoɖowo na hame la
26Nɔvinyewo, azɔ nu ka wòle be míawɔ? Ne mieva kpe ta be yewoasubɔ Mawu la, anɔ eme be hadzidzi aɖe, nufiamenya aɖe, nyaɖeɖefia aɖe, nuƒoƒo ɖe gbe si ame aɖeke mese o la me, alo nyagɔmeɖeɖe anɔ ame aɖe si. Mikpɔ egbɔ be nu sia nu si yewowɔ la na hamea tsi ɖe edzi. 27Ame eve, alo ne ede ƒãa la, ame etɔ̃ ko naƒo nu ɖe gbegbɔgblɔ bubuwo me. Ame ɖeka naƒo nu vɔ hafi nɔvia naƒoe, eye ame aɖe naɖe nu si gblɔm wole la gɔme. 28Ne gbesela aɖeke meli o la, ekema wo dometɔ ɖe sia ɖe nazi ɖoɖoe le takpeƒe la. Neƒo nu na eya ŋutɔ ɖokui kple Mawu ko. 29Mawu ƒe gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ naƒo nu, eye nyaselawo nada woƒe nyawo kpɔ. 30Nenye be woɖe nane fia ame aɖe, si hã le takpekpea me la, ekema ame si le nu ƒom la naɖo to gbɔ. 31Mɔɖeɖe li be mi katã miaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi, ame ɖeka neƒo nu vɔ hafi nɔvia naƒoe, bene ame sia ame nate ŋu asrɔ̃ nane, ale be nu si wòse la, nado ŋusẽe. 32Gbɔgbɔ si nana be ame ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la le amea ŋutɔ ƒe ŋusẽ te. 33Elabe Mawu melɔ̃a nuwɔna si mele ɖoɖo nu la o, ke boŋ ŋutifafae wòdina.
Abe ale si wòle le ame siwo ŋuti wokɔ ƒe hameawo katã me ene la, 34ele be nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le hametakpekpewo me. Womeɖe mɔ na wo be woaƒo nu o. Abe ale si segbalẽ la gblɔe ene la, ele be woabɔbɔ wo ɖokui. 35Ne wodi be yewoanya nane la, wonebia wo srɔ̃wo le aƒeme, elabe enye ŋukpenanu be nyɔnu naƒo nu le sɔleme. 36Nu ka! Menye mia gbɔe mawunya la tso va o, eye gawu la, menye miawo ɖeɖe koe xɔe hã o.
37Ne ame aɖe bu be yenye Mawu ƒe gbeƒãɖela, alo gbɔgbɔmeme la, ekema ele be wòanya be nu siwo ŋlɔm mele na mi la, Aƒetɔ la ƒe sededewo wonye. 38Ne ame aɖe metsɔ ɖe le eme o la, migatsɔ ɖe le eme na eya hã o.
39Eya ta, nɔvinyewo, nenye miaƒe didi vevie be yewoaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la, ke migaxe mɔ na ame si gblɔa gbe aɖe, si gɔme ame aɖeke mesena o la o. 40Mitsɔ bubu wɔ nu sia nu ɖe ɖoɖo nu.
Currently Selected:
Korintotɔwo I, 14: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.