YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 10

10
Yuda tɔwo ɖi woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye; eyata womekpɔ dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la o.
1Nɔviwò, nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe, si meɖena na Mawu ɖe Israel ta la, enye si bena, woakpɔ xɔxɔ. 2Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o. 3Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o. 4Elabena se la ƒe nuwuwu enye Kristo, bene amesiame, si xɔna sena la, nakpɔ dzɔdzɔenyenye.
5Elabena Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la ŋuti bena: „Amesi ke wɔ esiawo la, ano agbe to esia me.“ 6Ke dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la gblɔ bena: Megagblɔ le wò dzi me bena: „Ameka aha ayi dziƒo mahã“ o; esia nye bena, woatsɔ Kristo ava anyigba dzi; 7alo: „Ameka aɖi ayi tsiẽƒe mahã“ o; esia nye bena, woatsɔ Kristo atso ame kukuwo dome ve. 8Ke nuka wògblɔ? „Nya la tso ɖe gbewo kpuie, ele nuwò me kple dziwò me hã;“ esiae nye xɔse, si ƒe gbe ƒã ɖem míele la. 9Elabena ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, akpɔ xoxo; 10elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la. 11Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“ 12Elabena vovototoa ɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la. 13Elabena amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee. 14Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã? 15Ke aleke woaɖe gbe ƒã, ne womeɖo wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!“
16Gake la menye wo katãe ɖoa to nyanyuie lã o; elabena Yesaya gblɔ bena: „Aƒetɔ, amekae xa míaƒe nyagbɔgblɔ dzi se mahã?“ 17Ekema xɔse la tso nyagbɔgblɔ me, hafi nyagbɔgblɔ la tsoa Mawu ƒe nya me vana. 18Ke megblɔ be: Alo ɖe womesee o mahã? Ẽ, vavãe! Woƒe numegbe ɖi hoo le anyigba blibo la katã dzi, eye woƒe nyawo de xexeme ƒe seƒewo ke. 19Ke mele gbɔgblɔm bena: Alo ɖe Israel medze sii oa? Mose ye nye gbãtɔ gblɔ be: „Nye la mana miaʋã ŋu ɖe dukɔ, si menye dukɔ o la ŋuti, eye mado dziku na mi le dukɔ masenugɔme ŋuti. 20Ke Yesaya do dzi, eye wògblɔ bena: „Amesiwo medim o la, wokpɔm, eye meɖe ɖokuinye fia amesiwo mebia tanye se o la.“ 21Ke le Israel ŋuti la egblɔ bena: „Ŋkeke blibo la katã me medo nye asiwò ɖe dukɔ, si meɖoa to o, eye wòɖea ɖeklemi la.“

Currently Selected:

Romatɔwo 10: EWERV

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in