Hosea 11
11
Mawu le nublanuikpɔkpɔ.
1Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔe, eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ. 2Wova wo, ke wotrɔ ʋume ɖe ame: Wosa vɔ na Baalwo, eye wodo dzudzɔ na legbawo. 3Evɔ wònye nyee fia azɔli Efrayim, eye melée ɖe alɔ to hafi; ke womedze sii be, nyee da gbe le wo ŋu o. 4Mede amegbetɔwo ƒe atagbi, si nyee lɔlɔ̃ka la wo he, mena na wo abe amesiwo ɖea kɔkuti le kɔ la ene, eye mena nuɖuɖu wo. 5Womagagbugbɔ ayi Egipte-nyigba dzi o, ke boŋ Asur nenye woƒe fia, elabena wogbe tametɔtrɔ. 6Yi ava woƒe duwo dzi, aŋe woƒe gametiwo, eye wòaɖu nu le woƒe tameɖoɖowo ta. 7Aglãdzedze de ŋunye vivia nye dukɔ nu, eye ne woyɔ wo ɖo ta dzi hã la, wo ɖometɔa ɖeke mefɔa eɖokui dzi o.
8Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ! 9Nyemawɔ nu le nye dɔmedzoe heliheli me o, eye nyemagagblẽ Efrayim azɔ o, elabena Mawu menye, eye menye amegbetɔ o, kɔkɔelɔ menye le dowòme, eye nyemava le dziku me o. 10Woakplɔ Yehowa ɖo, ne eɖe gbe be dzata ene; elabena ele gbe ɖe ge, eye ɣetoɖoƒeviwo aɖe abla ava. 11Woadzo tso Egipte abe xeviwo ene, eye abe ahɔnewo ene tso Asur-nyigba dzi, eye mana woanɔ woƒe aƒewo me; Yehowa ye gblɔe.
Currently Selected:
Hosea 11: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.