Hosea 1
1
Israel le trɔ̃subɔsubɔ kple tohehe nɛ.
1Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli.
2Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome! 3Tete wòyi ɖaɖe Gomer, Diblayim ƒe vinyɔnu, eye wòfɔ tu dzi ŋutsuvi nɛ. 4Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ nɛ be Yezreel; elabena ekpɔtɔ vie mahe to na Yezreel ƒe hlɔ̃dodo ɖe Yehu ƒe aƒe la ŋu, eye matsi Israel ƒe aƒe ƒe fiaɖuƒe la nu. 5Le ɣemaɣi la maŋe Israel ƒe dati le Yezreel-bali me la. 6Eye wògafɔ fu dzi nyɔnuvi. Tete wógblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ na be „Amemalɔ̃e,“ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe la atsɔe anɔ wo kem ɖaa o. 7Ke makpɔ nublanu: na Yuda ƒe aƒe la, eye maxa na wo to Yehowa, woƒe Mawu la dzi, menye dati, yi kple aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo matsɔ axa na wo o. 8Esi Amemalɔ̃e ɖi no nu la, egafɔ fu dzi ŋutsuvi. 9Eye wògblɔ bena: Tsɔ ŋkɔ nɛ be „Manyenyedukɔe“, elabena menye nye dukɔ mienye o, eye nye hã nyemanye mia lɔ o.
Currently Selected:
Hosea 1: EWERV
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.