YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 34

34
Dina kple Sixem.
1Gbe ɖeka Dina, Lea ƒe vinyɔnu, tsi wòdzi na Yakob la, do go yi dua me nyɔnuviwo kpɔ ge ɖa. 2Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe. 3Eye eƒe dzi ku de Yakob ƒe vinyɔnu Dina ŋu, eye wolã ɖetugbivi la, eye wòde asi eŋu beble me. 4Emegbe la Sixem gblɔ na fofoa Xamor bena: Ɖe ɖetugbi sia nam! 5Eye Yakob se be, wogblẽ vianyɔnu Dina, ke viaŋutsuwo le gbedzi le eƒe alẽhawo gbɔ, eye Yakob zi kpi, vaseɖe esime wogbɔ. 6Eye Xamor, Sixem fofo, yi Yakob gbɔ, be wòaƒo nu kplii. 7Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o. 8Eye Xamor ƒo nu kpli wo gblɔ bena: Vinye Sixem ƒe dzi ku de mia nɔvinyɔnu la ŋuti; mede kuku, mitsɔe nɛ, ne wòaɖe. 9Eye mina miaɖe srɔ̃ ɖekae, mitsɔ miaƒe nyɔnuviwo na mí, eye miawo hã miatsɔ míaƒe nyɔnuviwo na mi. 10Minɔ mía gbɔ, kpɔ ɖa, anyigba la enye si, minɔ edzi, eye miatsa le edzi, eye míatsi edzi dika. 11Tete Sixem gblɔ na fofoa kple nɔviawo bena: Ne miave nunye la, ekema nusianu, si miabiam la, mana. 12Tabianu kple akpedanu, alesi nu miabiam la, mana, abe alesi miedi ene; mitsɔ ɖetugbivi la nam made ko. 13Eye Yakob viŋutsuwo do ŋu na Sixem kple fofoa Xamor le aye me, elabena egblẽ wo nɔvinyɔnu Dina. 14Eye wogblɔ na wo bena: Míate ŋu awɔ nya sia dzi be, miatsɔ mía nɔvinyɔnu na bolobolotɔ o, elabena esia enye ŋukpe na mí. 15Negbe ne mianɔ abe miawo ene, eye mia dome ŋutsu sia ŋutsu natso aʋa la, eya ko hafi míalɔ̃. 16Ekema miatsɔ mía nyɔnuviwo na mi, eye miawo hã miaɖe mia nyɔnuviwo; mianɔ mia gbɔ, eye míazu dukɔ ɖeka. 17Ke ne mieɖo to mi, eye mietso aʋa o la, ekema miaxɔ mía nɔvinyɔnu la adzoe. 18Nya siawo dze to na Xamor kple via Sixem. 19Eye ɖekakpui la, amesi fofoa ƒemetɔwo buna ŋutɔ la, meɖe: ɖe megbe le ewɔwɔ me o, elabena Yakob vinyɔnu la ƒe nu nyo eŋu ŋuta. 20Eye Xamor kple via Sixem wova du la ƒe agbo nu, eye woƒo nu kple dua me ŋutsuwo bena: 21Ŋutsu siawo nye ame fafawo le mia dome; eyata mina, woatso aƒe ɖe miaƒe anyigba dzi, eye woatsa le edzi. Kpɔ ɖa, anyigba la keke na wo le goawo katã me. Miaɖe woƒe nyonuviwo faa, eye miawo hã miatsɔ mía nyɔnuviwo na wo. 22Ne mía dome ŋutsu sia ŋutsu atso aʋa, abe alesi woawo hã tso aʋae ene la, eya ko ŋutsuawo alɔ̃ anɔ mía gbɔ, bena míazu dukɔ ɖeka. 23Woƒe lãhawo, kesinɔnuwo kple woƒe dɔwɔlãwo katã la menye mia tɔ, woanye oa? Eyata mina míawɔ woƒe nya la dzi, ekema woanɔ mia gbɔ. 24Tete amesiwo katã va ƒo ƒu ɖe dua ƒe agbo nu la, ɖo to Xamor kple via Sixem, eye dua me ŋutsuwo katã tso aʋa.
Ʋu kɔkɔɖeanyi le Sixem.
25Le ŋkeke etɔ̃agbe, esi abi la le wo vem, eye woɖe ŋu ɖi la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Lewi, siwo nye Dina nɔviwò lã, wotsɔ woƒe yiwo dze du la dzi hewu ŋutsuwo katã. 26Wowu Xamor kple via Sixem hã kple yi, eye wokplɔ Dina tso Sixem ƒe me hedzoe. 27Ke Yakob vi mamleawo va ɖe nu le ame kukuawo ŋu, eye woha du la, elabena wogblẽ wo nɔvinyɔnu. 28Eye wokplɔ woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo, eve wotso nusiwo wokpɔ le dua me kple agble me la, hedzoe 29Woha woƒe kesinɔnuwo katã, eye woɖe aboyo ɖeviwo kple nyɔnuwo siaa, eye woha woƒe xɔme nuwo hã. 30Tete Yakob gblɔ na Simeon kple Lewi bena: Miehe dzɔgbevɔ̃e va dzinye, eye anyi gbadzinɔla, siwo nye Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo la, woalem ɖe fu me: kpɔ ɖa, ame ʋeea ɖewo koe míenye, eye ne woaƒo ƒu ɖe mia ŋu la, ekema woaɖu mía dzi, eye woatsrɔ̃m kple tɔnyetɔwo katã. 31Woɖo ŋu ne bena: Ɖe eya kpɔ mɔ abu mia nɔvi gboloe mahã?

Currently Selected:

Mose I 34: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy