YouVersion Logo
Search Icon

Dɔwɔwɔwo 27

27
Wokplɔ Paulo yi Roma abe gatɔ ene; ʋu gbã ɖe wo gake wokpɔ ɖeɖe, eye wode Melite.
1Eye esi woɖoe bena, miaɖo nu ayi Italia la, wotsɔ Paulo kple gatɔ bubua ɖewo de aʋafiaa ɖe, si ŋkɔ enye Yulio tso, kaisaro ƒe asrafoha dome la si. 2Eye esi mieɖo Adramitio-ʋua ɖe, si le didim be, yeadze ɖe Asia ƒe ʋudzeƒewo la, míeho yi; eye Makedoniatɔ Aristarxo, si tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu. 3Esi ŋu ke la, míedze ɖe Sidon, eye Yulio nyo dome na Paulo, eye wòɖe mɔ nɛ bena, wòayi xɔlɔ̃awo gbɔ, be woagbã ɖe eme. 4Eye esi mieho tso afima la, mieɖo abala to Kipro ƒe anyiehe; elabena ya ƒo le mia kpem. 5Eye esi mieto Kilikia-kple Pamfilia-ƒu me yi vɔ la mieva Mira le Likia. 6Eye afima aʋafia la kpɔ Aleksandria-ʋua ɖe, si yina ɖe Italia, eye wòna mieɖoe. 7Eye esi miezɔ blewu ŋkeke geɖe, eye bebli hafi mieva ɖo Knido kasa la, ya la mena mɔ mí o, eye mieto Kreta ƒe anyiehe va ɖo Salmone kasa, 8eye bebli hafi mieto ƒuta la ŋu heva afia ɖe, si woyɔna be ʋudzeƒenyuie, si te ɖe Lasea-du la ŋu.
9Eye esi ŋkeke geɖe va yi, eye ƒudzizɔzɔ zu ŋɔdzi azɔ, elabena nutsitsidɔ-ŋkekewo va yi xoxo la, 10Paulo de dzi ƒo na wo gblɔ, bena: Mia tɔwo, mekpɔ bena, ƒudzidzɔzɔ la le dzi yi ge kple fuɖeɖe kpakple nugbegblẽ geɖe, si menye ʋuamenuwo kple ʋua ɖeɖeko dzi wòava o, ke boŋ mia ŋutɔwo ƒe agbe hã dzie. 11Gake aʋafia la xɔ kuɖɔɖola kple ʋutɔ la dzi se wu nusiwo Paulo gblɔ la. 12Eye esi ʋudzeƒe la menyo bena, woanɔ le vuvɔŋɔli ta o la, wo dome ame geɖeawo ɖo aɖaŋu bena, woaho tso afima hã, bena ɖewohĩ yewoate ŋu ade Foinike, si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe, si le dzieheɣetoɖoƒe kple anyieheɣetoɖoƒe, be yewoanɔ afima le vuvɔŋɔlia me. 13Eye esi dzieheya ƒo bɔbɔe la, wobu xa bena, yewoƒe tameɖoɖo la le eme va ge, eye woho seke heho to Kreta ŋku me kekeake. 14Eye medidia ɖeke o, tete ahom, si woyɔna be anyieheɣetoɖoƒeya la, ƒo kpe mí, 15eye esi wòle ʋu la hem yinae, eye mete ŋu le ya kpem o la, miena mɔe, eye wotsɔ mí. 16Eye esi ʋu la ɖi du to ƒukpo suea ɖe, si woyɔna be Klauda, ƒe anyiehe la, miedze agbagba ŋutɔ hafi te ŋu lé batala la; 17eye esi wohee ɖe dzi la, wotsɔ ka to ʋua te heblae, be woalée ɖe asi. Esi wole vɔvɔ̃m, bena, ɖewohĩ yewoava ge ɖe Sirte, afisi libla le la, woklo abala la, eye ale ya le mía kplɔm. 18Eye esi ahom la nyama mi ŋutɔ la, wòfɔ ʋuamenuwo ƒu gbe le ŋu, si ke la dzi; 19eye ŋkeke etɔ̃agbe la mietsɔ miaƒe asiwò fɔ ʋuamedɔwɔnuwo ƒu gbe. 20Ke esi ɣe alo ɣletivia ɖeke medo kpɔ le ŋkeke geɖewo me o, eye menye ahom via ɖee tu le nua kpem o la, mlɔeba la nukpɔkpɔ katã na miaƒe agbenɔnɔ la bu ɖe mi keŋkeŋ. 21Eye esi wonɔ anyi eteƒe didi naneke maɖumaɖui la, Paulo tsi tre ɖe wo titina gblɔ bena: O, mía tɔwo, ɖe mieɖo tom, eye mieho tso Kreta o la, ne fuɖeɖe kple gbegblẽ sia meva mia dzi o. 22Ke azɔ la mele nu xlɔ̃m mi bena, miaƒe dzi nadze eme, elabena mia dome amea ɖeke ƒe agbe mele bubu ge o, negbe ʋua ko. 23Elabena zã sia me la Mawu, si tɔ menye, amesi mesubɔna hã la, ƒe dɔla va tsi tre ɖe gbɔnye gblɔ bena: 24Paulo, megavɔ̃ o, ele na wò be, natsi tre ɖe kaisaro ƒe ŋku me, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò. 25Eyaŋuti, mía; tɔwo, miaƒe dzi nèdze me, elabena mexɔ Mawu dzi se bena, ava me nenema, abe alesi wògblɔ; nam ene. 26Gake la ele na mi be, miadze go ɖe ƒukpoa ɖe dzi.
27Ke esi zã wuienelia ɖo, esi ya le mía nyamam le Adria-ƒu me, anɔ zãtitina la, kahelawo bu xa bena, yewote ɖe anyigbaa ɖe ŋu, 28eye woda dzidzeka, eye wokpɔ abɔ blave, eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, wogadae, eye wokpɔ abɔ wuiatɔ̃. 29Eye esi wova bena, míava dze go ɖe kpe gbadzawo dzi la, woda seke ene to ʋua gɔme hele didim be, ŋu nake. 30Eye esi kahelawo le didim bena, yewoasi tso ʋua me, eye woɖiɖi batala ɖe ƒua me, eye woɖa alakpa, abe ɖe wole sekewo da ge ato ʋua ta hã ene la, 31Paulo gblɔ na aʋafia la kple asrafoawo bena: Ne amesiawo menɔ ʋua me o la, miate ŋu akpɔ ɖeɖe o. 32Tete asrafoawo tso batala ŋu tagbiawo, eye wona wòdze tɔa me. 33Eye Paulo le dzi dem ƒo na; wo katã vaseɖe ŋu ƒe keke me bena, woatsɔ nu aɖu hegblɔ bena: Egbee nye ŋkeke wuieneagbe miele lalam, eye miele nutsitsidɔ dzi, eye miede naneke nu me kpɔ o. 34Eyata meɖe kuku na mi bena, miatsɔ nu aɖu, elabena esia nyo na miaƒe xɔxɔ: elabena mia dometɔa ɖeke ƒe taɖa ɖeka mabu atso eta o. 35Eye esi wògblɔ esiawo, eye wotsɔ abolo la, eda akpe na Mawu le wo katã ƒe ŋku me, eye wòŋe eme hede asi eɖuɖu me. 36Tete wo katã ƒe dzi dze eme, eye woa ŋutɔwo hã tsɔ nu ɖu. 37Eye mi amesiwo katã le ʋua me la, míanɔ luʋɔ alafa eve kple blaadre vɔ ade. 38Eye esi woɖu nu ɖi ƒo la, wotsɔ nuɖuɖuawo ƒu gbe ɖe ƒu me, bena ʋua nazu wodzoe.
39Eye esi ŋu ke la, womedze si anyigba la o, ke wokpɔ adɔ̃a ɖe, si ŋu ƒuta le, eye wode adaŋu bena, ne yewoate ŋui la, ne yewoawɔ ʋu la ayi afima. 40Eye wotso sekeawo hegblẽ ɖe ƒua me, eye wolũ kuɖɔkawo hã zi ɖeka, eye esi wodo abala la hekpe yae la, woɖo ta ƒuta. 41Eye esi wodze ɖe teƒe lebiia ɖe, si yi ɖe ƒu me la, wona ʋu la si ké, eye ʋua ta xa hetsi maʋãmaʋã, eye egɔme gbã le ƒutsotsoe sesẽawo nu. 42Ke asrafoawo ɖe adaŋu be, woawu gatɔwo, bena amea ɖeke nagaƒu tsi asi o. 43Gake esi aʋafia la le didim bena, yeaɖe Paulo la, exe mɔ na woƒe tameɖoɖo la, eye wòde se bena, amesiwo ate ŋu aƒu tsi la, nadzo kpo gbã adze ƒua me, ne wòayi gota, 44eye ame mamleawo lã ɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi, eye ɖewo nanɔ ʋua ƒe kakɛa ɖewo dzi. Eye ale wòva me bena, wo katã wòde gota dedie.

Currently Selected:

Dɔwɔwɔwo 27: EWERV

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in