YouVersion Logo
Search Icon

Zekaria 9

9
Ʋɔnudɔdrɔ̃ Israel ƒe futɔwo
1Yehowa ƒe nya tsi tsitre ɖe Hadraknyigba ŋu,
eye ava Damasko hã dzi,
elabena Yehowa ƒe ŋku le amewo kple Israel ƒe toawo katã ŋu.
2Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi,
eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be
wodze aye ale gbegbe hã.
3Tiro tu mɔ sesẽ na eɖokui,
eli kɔ klosalo abe ʋuʋudedi ene,
eye nenema ke sika bɔ abe ke si
le mɔdodo dzi ene.
4Ke Yehowa axɔ kesinɔnuwo le esi,
akaka eƒe tɔdziʋuwo kple wo me
nɔlawo ƒe ŋusẽ, eye dzo ava fiae ƒioƒioƒio.
5Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe.
Gaza aŋe kple vevesese.
Nenema kee nye Ekron hã,
elabena eƒe mɔkpɔkpɔ abu ɖee.
Woawu Gaza fia,
eye Askelon azu aƒedo.
6Amedzrowo ava xɔ Asdod,
eye maɖe Filistitɔwo ƒe dada la ɖa.
7Maɖe ʋu ɖa le woƒe nuwo me
kple nuɖuɖu si wotsri na wo la
le woƒe aɖutame.
Ame siwo susɔ la anye míaƒe Mawu la tɔ,
woazu kplɔlawo le Yuda,
eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene.
8Ke maʋli nye gbedoxɔ la ta tso adzohawo ƒe asi me.
Ŋutasẽla magaɖu nye amewo dzi akpɔ gbeɖe o,
elabena azɔ mele wo ŋu dzɔm.
Zion se fia la ƒe vava
9Dzi nadzɔ wò, O Zion vinyɔnu!
Do ɣli, wò Yerusalem vinyɔnu,
kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò.
Enye dzɔdzɔetɔ, eye wòhe ɖeɖe vɛ,
ebɔbɔ eɖokui, eye wòle tedzi dom,
si nye tedzivi si nye tedzinɔ ƒe vi.
10Axɔ tasiaɖamwo le Efraim si
kple aʋawɔsɔwo le Yerusalem si,
eye wòaŋe woƒe aʋawɔdatiwo.
Aɖe gbeƒã ŋutifafa na dukɔwo,
eƒe fiaɖuƒe akeke tso ƒuta ayi ƒuta,
tso tɔsisi la nu ayi anyigba ƒe seƒewo ke.
11Ɖe nu si mebla kpli wò,
tre enu kple ʋu ta la,
maɖe wò tso ku me,
be màgaku ɖe do globo ƒuƒui la me o.
12Mitrɔ yi ɖe miaƒe mɔ sesẽwo me,
O, mi gamenɔla siwo si mɔkpɔkpɔ le.
Ke azɔ la, mele gbeƒã ɖem
na mi be magbugbɔ aɖo nu
siwo miebu la teƒe na mi zi eve.
13Mabɔ Yuda abe ale si mebɔa nye da ene,
eye matsɔ Efraim awɔ datii ayɔ eme fũu.
O Zion, manyɔ viwò ŋutsuwo,
ɖe Griktɔwo ŋu, eye mawɔ wò abe aʋawɔla ƒe yi ene.
Yehowa ava do
14Yehowa ava do ɖe wo dzi kpoyi,
eye eƒe aŋutrɔwo anɔ bibim abe dzikedzo ene.
Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ azɔ
le anyigbeme ƒe ahomwo me,
15eye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la
atsɔ akpoxɔnu atsyɔ wo dzi.
Woagblẽ nu, eye woatsɔ kpe
ade aŋetu me atsɔ aɖu wo dzii.
Woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu abe wain ene,
wòayɔ woƒe ƒodo fũu abe agba ene,
eye wòaƒo wo bekee abe ale si
wokɔa wain ɖe vɔsamlekpui ƒe dzogoewo dzi ene.
16Yehowa, woƒe Mawu la
aɖe wo gbe ma gbe abe ame
siwo nye eƒe alẽhawo ene.
Woaklẽ le eƒe anyigba la dzi
abe adzagba le fiakuku ŋu ene.
17Aleke woahanyo eye woahadze anii!
Bli ana ɖekakpuiawo natsi nyuie,
eye wain yeye ana ɖetugbiawo hã natsi nyuie.

Currently Selected:

Zekaria 9: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in