Zekaria 7
7
Dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ menye gotagome nutsitsidɔ o
1Le Fia Darius ƒe ƒe enelia me, le dzinu asiekɛlia si nye Kislev ƒe ŋkeke enea gbe la, Yehowa ƒe gbe va na Zekaria. 2Ame siwo le Betel la dɔ Sarezer, Regen Melek kple wo ŋutimewo be woaɖe kuku na Yehowa 3to nunɔlawo kple nyagblɔɖila siwo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me la dzi be, “Ɖe wòhiã be mafa avi, atsi nu adɔ le ɣleti atɔ̃lia me abe ale si mewɔnɛ ƒe geɖe siwo va yi la enea?”
4Tete Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbe va nam be, 5“Bia ame siwo katã le anyigba la dzi kple Osɔfoawo be, ‘Esi mietsi nu dɔ, fa avi le ɣleti atɔ̃lia kple adrelia me le ƒe blaadre siwo va yi me la, nyee mietsi nua dɔ na vavã? 6Esi mienɔ nu ɖum, nɔ nu nom la, ɖe menye na miawo ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ koe oa? 7Ɖe menye nya siawoe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dzi, esi Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo la nɔ ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ me, eye gbegbe kple ɣetoɖoƒetogbɛwo zu amenɔƒe oa?’ ”
8Yehowa ƒe gbe gava na Zekaria be, 9“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo. 10Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’
11“Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o. 12Wona woƒe dziwo sẽ abe hlihãkpe ene, elabena womedi be yewoase nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo kple se siwo metsɔ na wo to nye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã la dzi o. Esia ta nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, medo dɔmedzoe ɖe wo ŋuti ɖo.
13“ ‘Meyɔ wo, gake wogbe tɔtɔ, eya ta esi wodo ɣli yɔm la, nye hã metrɔ megbe de wo,’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 14‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’ ”
Currently Selected:
Zekaria 7: AL
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.