Zekaria 3
3
Awu dzadzɛwo na nunɔlagã la
1Le ŋutega bubu me la, Yehowa ɖe Yosua, nunɔlagã la fiam, wònɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe dɔla la gbɔ, evɔ Satana hã nɔ afi ma nɔ tsitre ɖe mawudɔla la ƒe nuɖusime nɔ Yosua nu tsom. 2Yehowa gblɔ na Satana be, “Yehowa ka mo na wò, Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na wò! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo me la ene oa?”
3Azɔ Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la gbɔ. 4Mawudɔla la gblɔ na ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la be, “Miɖe awu ƒoɖi sia le eŋuti.”
Etrɔ ɖe Yosua gbɔ gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, meɖe wò nu vɔ̃wo ɖa, eye azɔ la, mele awu yeye nyui siawo dom na wò.”
5Tete megblɔ be, “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ.” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wotsɔ awu do nɛ esi Yehowa ƒe dɔla la nɔ tsitre.
6Yehowa ƒe dɔla la de se sia na Yosua, 7“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Ne àzɔ le nye mɔwo dzi, alé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema maɖo wò nye gbedoxɔ nu, ànye nye aƒedzikpɔla, eye mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afi sia la dome.
8“ ‘Miɖo to, O nunɔlagã Yosua kple wò kpeɖeŋutɔ siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔwò, ame siwo nye nu siwo ava va eme la ƒe dzesi. Meyi makplɔ nye dɔla Atilɔ la vɛ. 9Kpɔ kpe si metsɔ ɖo Yosua ŋkume la ɖa! Ŋku adre li na kpe ɖeka sia. Maŋlɔ nu ɖe kpe la dzi, eye maɖe anyigba sia ƒe nu vɔ̃ ɖa le ŋkeke ɖeka me,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
10“ ‘Gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe akpe ehavi be wòava nɔ eƒe wainka kple gboti te.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
Currently Selected:
Zekaria 3: AL
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.