YouVersion Logo
Search Icon

Tito Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Paulo, ame si Kristo ɖe eɖokui fia lae ŋlɔ agbalẽ sia na Tito. Tito nye ɖekakpui aɖe si va zu kpeɖeŋutɔ na Paulo. Le Tito ƒe ŋutete, kutrikuku kple mawuvɔvɔ̃ ta la, Paulo tsɔe ɖo hame si nɔ Kreta la nu. Agbe vlo nɔnɔ xɔ aƒe ɖe Kretatɔwo me ale gbegbe be kristotɔ nyui nyenye va zu nu sesẽ na kristotɔ geɖewo, eya ta Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na hamea dzi kpɔla Tito, eye wòfia asi ame siwo tɔgbi Tito atia be woakpe ɖe eŋu le hamea dzi kpɔkpɔ me la nɛ. Egaƒo nu tso ale si kristotɔwo nanɔ agbe le tomefafa, nɔvilɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ mee la hã ŋu.
Emenyawo
Gbedoname (1:1-4)
Hamedzikpɔlawo tiatia (1:5-9)
Sidzedze aʋatsonufialawo (1:10-16)
Nu vavãtɔwo fiafia (2:1-15)
Ale si wòle be Tito kple xɔsetɔ bubuawo nazɔe (3:1-11)
Taƒonyawo kple yayranyawo (3:12-15)

Currently Selected:

Tito Ŋgɔdonya: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in