YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Roma la le ƒe A.D. 56 alo 57 me esime wònɔ eƒe mawunyakakadɔ la ƒe mɔzɔzɔ nu wum. Gbã la, Paulo ɖoe be yeayi Yerusalem hafi ayi Roma kple Spain. Ɖewohĩ eŋlɔ agbalẽ sia esi wònɔ dzadzraɖo wɔm na mɔzɔzɔ sia. Agbalẽ sia ƒe nyatie nye dzɔdzɔenyenye. Le agbalẽ sia me la, Paulo gblɔ be: (1) Amegbetɔ aɖeke menye ame dzɔdzɔe o. (2) Yesu Kristo koe nye ame dzɔdzɔe. (3) Ne míexɔ Yesu dzi se la, míevo tso nu vɔ̃ ƒe kɔkuti me, eye wòna agbe yeye mí, eye míanɔ kadodo nyuitɔ me kple Mawu. (4) Ele be kristotɔwo nanɔ agbe le kɔkɔenyenye me, be woadze Mawu ŋu.
Emenyawo
Ŋgɔdonya (1:1-17)
Ame aɖeke menye ame dzɔdzɔe o (1:18–3:20)
Dzɔdzɔenyenye to xɔse me (3:21–8:39)
Israel le Mawu ƒe ɖoɖo me (9:1–11:36)
Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ kple kadodo wɔnawo (12:1–15:13)
Taƒonyawo kple gbedonamewo (15:14–16:27)

Currently Selected:

Romatɔwo Ŋgɔdonya: AL

Highlight

Share

Compare

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in