Romatɔwo 13
13
Toɖoɖo dziɖuɖu
1Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o. 2Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ la gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ, eye tohehe adze nu sia yome. 3Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm la o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm la, woavɔ̃ kpovitɔ ɣe sia ɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo, ekema eme anyo na wò. 4Mawu ƒe subɔlae nye kpovitɔ la ɖa ɖe wò nyonyo ta. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe wɔm la, eme kɔ ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m, elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò nu gbegblẽ wɔla la. 5Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta: gbã, be miagaxɔ tohehe o; evelia, elabena mienya xoxo tso miaƒe dzi me be ele be yewoawɔ seawo dzi.
6Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo, ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu. 7Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo, eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu la.
Amehavilɔlɔ̃
8Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la. 9Ke nya si woŋlɔ ɖi bena: “Mègawɔ ahasi o,” “Mègawu ame o,” “Mègafi fi o,” “Mègabiã ŋu o,” eye ne se bubu aɖe gali si ƒo esiawo ta la, ekema eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” 10Lɔlɔ̃ nana womedaa vo ɖe amehavi ŋu o. Eya ta lɔlɔ̃ na ame havie nye sedziwɔwɔ.
11Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyuie lae nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali o. Minyɔ, elabena xɔxɔ tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã. 12Zã la va yi vɔ, ŋu le kekem azɔ! Eya ta mina míaɖe asi le vivitimenuwɔwɔwo ŋu, eye míado kekeli ƒe akpoxɔnuwo. 13Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o. 14Ke boŋ mibia Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpe ɖe mia ŋu, be mianɔ agbe abe ale si dze ene. Migakpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu o.
Currently Selected:
Romatɔwo 13: AL
Highlight
Share
Compare
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.