4 Mose 12
12
Miriam kple Aron wotsi tsitre ɖe Mose ŋu
1Gbe ɖeka la, Miriam kple Aron lĩ Mose ŋu le srɔ̃a, si nye Kus nyɔnu la ta, elabena eɖe Kus nyɔnu. 2Wogblɔ be, “Ɖe Yehowa ƒo nu to Mose ɖeɖe ko dzia? Ɖe meƒo nu to míawo hã dzi oa?” Ke Yehowa se nya sia.
3(Azɔ la, Mose nye ame si bɔbɔ eɖokui wu ame bubu ɖe sia ɖe le anyigba dzi.)
4Enumake Yehowa gblɔ na Mose, Aron kple Miriam be, “Miva agbadɔ la me, mi ame etɔ̃ la katã.” Ale wo ame etɔ̃awo katã wodo go. 5Yehowa ɖiɖi tso lilikpo la me, eye wòtɔ ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Eɖe gbe na wo be, “Aron kple Miriam, mido va ŋgɔ,” eye wodo va ŋgɔ. 6Yehowa gblɔ na wo be, “Miɖo to nye nyawo:
“Ne Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le mia dome la,
meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutegawo me,
eye meƒoa nu nɛ le drɔ̃ewo me.
7Ke esia menye nyateƒe le nye dɔla Mose gome o;
ewɔa nuteƒe le nye aƒe blibo la me.
8Meƒoa nu kplii, ŋkume kple ŋkume.
Meƒoa nu eme kɔna, eye menye le alobalowo me o;
ekpɔa Yehowa ƒe dzedzeme.
Ekema nu ka ta mievɔ̃ be yewoaƒo nu,
atsi tsitre ɖe nye dɔla, Mose ŋu o ɖo?”
9Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie, eye wotrɔ dzo. 10Esi lilikpo dodo la ho tso agbadɔ la tame la, anyidɔ ƒo ɖe Miriam ŋuti, eye eƒe ŋuti katã fu kpii abe ɖetifu ene. Aron nye kɔ kpɔe, eye kpɔ ɖa, Miriam dze anyi. 11Aron gblɔ na Mose be, “Nye aƒetɔ, meɖe kuku, mègana nu vɔ̃ si míewɔ tamemabumabutɔe la ƒe metsonu nava mía dzi o. 12Mègana Miriam nanɔ abe vidzĩ si ku ɖe dadaa ƒe dɔ me hafi wodzii, eye eƒe ŋutilã ƒe afã ƒaƒã hafi wòdo go la ene o.”
13Mose ƒo koko na Yehowa kple ɣli be, “Da gbe le eŋu, O! Mawu, meɖe kuku na wò!”
14Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ne fofoa nyɔ ta ɖe mo nɛ la, eŋuti makɔ o ŋkeke adre. Mina wòanɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Le ɣeyiɣi sia megbe la, agate ŋu ava asaɖa la me.” 15Ale woɖe Miriam ɖa le asaɖa la me ŋkeke adre. Ameawo lala, wogakplɔe gbɔe hafi wogayi mɔzɔzɔ la dzi.
16Le esia megbe la, wodzo le Hazerot, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi.
Currently Selected:
4 Mose 12: AL
Highlight
Share
Compare
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.