YouVersion Logo
Search Icon

Mateo 3

3
Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔnya
(Marko 1:1-8; Luka 3:1-9, 15-17; Yohanes 1:19-28)
1Le ŋkeke mawo me la, Yohanes Mawutsidetanamela dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le Yudea gbedzi. Nyati si dzi wòtu eƒe mawunyawo ɖo lae nye, 2“Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, mitrɔ ɖe Mawu ŋuti, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo.” 3Ame sia ŋutie woƒo nu le to Nyagblɔɖila Yesaya dzi be,
“Gbe aɖe le ɖiɖim le gbegbe bena,
‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo,
eye mita mɔ dzɔdzɔewo nɛ!’ ”
4Ke kposɔfu le Yohanes ƒe awu si wòdo la ŋu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka tsɔ bla awua dzii; eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi. 5Ame geɖewo tso Yerusalem, eye bubuwo hã tso Yɔdan tɔsisi la ƒe gowo dzi kple Yudea nutowo me godoo va afi si Yohanes nɔ mawunya gblɔm le la be yewoaɖo toe. 6Esi ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me.
7Ke esi Yohanes kpɔe be Farisitɔwo kple Zadukitɔ geɖewo hã va be wòade mawutsi ta na yewo la, egblɔ na wo be, “Mi dawo ƒe dzidzimeviwo! Ame kae gblɔ na mi be miate ŋu asi le Mawu ƒe dɔmedzoe kple tohehe si gbɔna la nu? 8Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzi me vavã. 9Migabui ne mianɔ gbɔgblɔm na mia ɖokuiwo be, ‘Mía fofoe nye Abraham’ o. Mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ azu viwo na Abraham. 10Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la, woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia atiwo ƒe kewo dzi: ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe aƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.
11“Nye la, metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo trɔ dzi me, gake ame aɖe gbɔna, ame si de ŋgɔ wum sãa ale gbegbe be nyemedze be manye eƒe subɔla gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi. 12Elé eƒe lugbɔnu ɖe asi. Akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.”
Yohanes de mawutsi ta na Yesu
(Marko 1:9-11; Luka 3:21-22)
13Le ɣe ma ɣi me la, Yesu hã tso le Galilea va Yɔdan tɔsisi la to be Yohanes nade mawutsi ta na ye, 14gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o, ke boŋ egblɔ nɛ be, “Medze be nye made mawutsi ta na wò o. Nye boŋ wòle be nàde mawutsi ta na.”
15Yesu gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, de mawutsi ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi la.” Ale Yohanes lɔ̃ de mawutsia ta nɛ.
16Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ, eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu, eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi. 17Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.”

Currently Selected:

Mateo 3: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy