YouVersion Logo
Search Icon

Yoel Ŋgɔdonyawo

Ŋgɔdonyawo
Yoel ƒe agbalẽ la nye agbalẽ aɖe si woŋlɔ nyuie. Yoel wɔ ʋetsuviwo ƒe vava ŋu dɔ be yeatsɔ aɖe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna Yerusalem dzi la afia. Abe ale si ʋetsuviwo gblẽa nukuwo le anyigba dzi ene la, nenema kee futɔwo ƒe aʋakɔwo agblẽ nu le anyigba la dzi negbe ɖeko dukɔ la atrɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me. Ne ameawo se nyagblɔɖi la, eye wotrɔ dzi me la, nuwo aganyo na wo eye Mawu ƒe amenuveve agado na wo. Wokpɔ Mawu ƒe amenuveve be adze le ŋkeke kpui siwo le wo ŋgɔ la ŋu ayi ɣeyiɣi si me Mawu akɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe amewo katã dzi (2:28-32) Wokpɔ nya sia le Nubabla Yeye la me abe ŋugbedodo si dzi Mawu wɔ le Pentekoste dzi ene (Dɔwɔwɔwo 2:16-21).
Emenyawo
Ʋetsuviwo ƒe vava (1:1–2:27)
Aƒetɔ la ƒe ŋkeke: Mawu ƒe dziɖuɖu le nuwuwua (2:28–3:21)

Currently Selected:

Yoel Ŋgɔdonyawo: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in