YouVersion Logo
Search Icon

Hosea Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Woma Hosea ƒe agbalẽ la ɖe akpa eve me. Akpa eveawo mesɔ o. Akpa gbãtɔ ƒo nu tso Hosea ƒe agbenɔnɔ ŋu (1-3). Akpa evelia nye Hosea ƒe nyagblɔɖiwo (4-14). Hosea nye nyagblɔɖila na Israel, Anyigbeme fiaɖuƒe la do ŋgɔ na fiaɖuƒe la ƒe gbagbã, ƒe alafa adre kple blaeve-vɔ-eve do ŋgɔ na Yesu dzidzi. Egblɔ nya ɖi ƒe blaene lɔƒo. Hosea, Amos, Yesaya kple Mixa wogblɔ nya ɖi le ɣeyiɣi ɖeka me. Hosea ƒe dzidzɔmakpɔmakpɔ le eƒe aƒe me ɖe ale si nuwo nɔ eƒe dukɔ me la fia. Abe ale si Hosea srɔ̃ dzo le egbɔ ɖanɔ gbolo wɔm ene la, nenema tututue Israel hã gblẽ Mawu ɖi heti aʋatsomawuwo yomee. Ke abe ale si Hosea galɔ̃ srɔ̃a kokoko, eye wògakplɔe va eƒe aƒe mee ene la, nenema kee Mawu hã gayi Israel lɔlɔ̃ dzi, eye wòdo ŋugbe be yeagbugbɔ Israel aɖo te, eye yeagave enu hã.
Emenyawo
Hosea ƒe srɔ̃ɖeɖe; gɔmesese si le esi na Israel (1:1–3:5)
Mawu ƒe nyahehe ɖe Israel ŋu (4:1–6:3)
Israel ƒe nu vɔ̃ kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si adze eyome (6:4–10:15)
Mawu ƒe ɖoɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ kple amenuveve (11:1–14:9)

Currently Selected:

Hosea Ŋgɔdonya: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in