YouVersion Logo
Search Icon

Hebritɔwo Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Womenya ame si tututue ŋlɔ agbalẽ sia na Hebritɔwo o, gake le nu geɖewo ta la, amewo bu be Pauloe ŋlɔe. Nufiala aɖewo fia kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o la be ele be woalé Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo kple vɔsa si wowɔna le gbedoxɔ me le Yerusalem la me ɖe asi sesĩe, eye woade dzesi gbedoxɔ si le Yerusalem la ƒe vevinyenye le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me. Ke agbalẽ sia ŋlɔla to agbalẽ sia me ƒo nu tso nu si tututu xɔse nye la ŋuti, eye wòfia be menye Yudatɔwo ƒe vɔsa kple kɔnyinyi mawoe nye nu vevitɔ o, ke boŋ vɔsa vavãtɔ lae nye esi Yesu Kristo va wɔ le atitsoga ŋu. Eya ta woalé xɔse vavãtɔ la me ɖe asi, eye woaxɔ Yesu Kristo, ame si ku ɖe wo ta la, dzi ase ɣe sia ɣi.
Emenyawo
Yesu Kristo, Dɔla si ƒo dɔla bubuwo katã ta (1:1–2:18)
Yesu Kristo, apostolo si ƒo apostolo bubuwo katã ta (3:1–4:13)
Yesu Kristo, Nunɔlagã si ƒo nunɔlagã bubuwo katã ta (4:14–7:28)
Kristoe nye nubabla nyuitɔ la (8:1–9:28)
Kristoe nye vɔsa nyuitɔ la (10:1-39)
Xɔsee nye mɔ vavãtɔ (11:1–12:29)
Taƒonyawo (13:1-25)

Currently Selected:

Hebritɔwo Ŋgɔdonya: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in