YouVersion Logo
Search Icon

1 Mose 50

50
Woɖi Yakob ɖe Kanaan
1Yosef tsɔ eɖokui ƒu fofoa ƒe kukua dzi, fa avi ɖe edzi, eye wògbugbɔ nu nɛ. 2Emegbe la, eɖe gbe na eƒe atikewɔlawo be woasi atike na ye fofo Israel. Ale atikewɔlawo si atike nɛ. 3Atikesisi la xɔ ŋkeke blaene, eye Egipte dukɔ blibo la ƒe konyifafa xɔ ŋkeke blaadre. 4Esi konyifaɣi la va yi la, Yosef te ɖe Farao ŋumewo ŋu, eye wòɖe kuku na wo be woaƒo nu na Farao na ye.
5Egblɔ na wo be, “Migblɔ na fia la be Yosef fofo na Yosef ka atam be yeatsɔ ye fofo ƒe kukua ayi Kanaanyigba dzi, eye yeaɖii ɖe afi ma. Mibia mɔfiala nam be wòaɖe mɔ mayi aɖaɖi fofonye. Mika ɖe edzi nɛ nam be matrɔ agbɔ enumake.”
6Farao lɔ̃ hegblɔ be, “Yi nàɖi fofowò abe ale si nèka atam ene.”
7Ale Yosef yi kple Farao ƒe aɖaŋudelawo kple kpeɖeŋutɔwo 8kple Yosef nɔviŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo. Ke wogblẽ wo vi suewo kple woƒe lãwo ɖe Gosenyigba dzi. 9Ale tasiaɖamwo kple sɔdola geɖewo kpakple ameha gã aɖe kplɔ Yosef yii.
10Esi woɖo Atad, teƒe si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòte ɖe Yeriko ŋu la, wode kusɔleme, eye wofa konyi ŋkeke adre sɔŋ le Yakob ƒe ku ta. 11Kanaantɔwo na ŋkɔ bubuteƒe si le afi si te ɖe Yɔdan ŋu la be, Abel Mizraim si gɔmee nye “Konyifalawo tso Egipte,” elabena wogblɔ be, “Teƒe sia Egiptetɔwo fa konyi le vevie.” 12Ale Yakob ƒe viwo wɔ nu siwo wòɖo na wo la. 13Wotsɔe yi Kanaanyigba dzi, eye woɖii ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba dzi si te ɖe Mamre ŋu, abɔ si Abraham ƒle le Efrɔn, Hititɔ la si be wòanye ameɖiƒe la me.
14Yosef trɔ va Egipte kple nɔviawo kpakple ame siwo katã yi wo fofo ƒe kuteƒe la. 15Ke esi wo fofo ku azɔ la, Yosef nɔviwo de asi vɔvɔ̃ me.
Wogblɔ be, “Azɔ la, Yosef aɖo nu vɔ̃ si míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.”
16Ale woɖo ame ɖe Yosef be, “Fofowò gblẽ ɖoɖo siawo ɖi hafi ku. 17‘Nya si miagblɔ na Yosef lae nye: Mebia tso asiwò be nàtsɔ nɔviwòwo ƒe nu vɔ̃ kple vodada siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ake wo.’ Azɔ míeɖe kuku, tsɔ nu vɔ̃ ke fofowò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” Esi nya siawo va ɖo Yosef gbɔ la, efa avi.
18Tete nɔviawo va dze klo, de ta agu nɛ, eye wogblɔ nɛ be, “Míenye wò kluviwo.”
19Ke Yosef gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, Mawue menye be madrɔ̃ ʋɔnu mi, ahe to na mia? 20Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe. 21Migavɔ̃ o, nye ŋutɔ makpɔ miawo kple miaƒe ƒometɔwo dzi.” Eƒo nu na wo kple gbe bɔbɔe, eye wòde dzi ƒo na wo.
Yosef ƒe ku
22Ale Yosef kple nɔviawo kpakple woƒe ƒometɔwo ganɔ Egipte. Yosef xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo hafi ku. 23Enɔ agbe, kpɔ via Efraim ƒe viwo kple Makir, Manase ƒe vi ƒe viwo, ame siwo fena le Yosef ƒe afɔ nu. 24Yosef gblɔ na nɔviawo be, “Esusɔ vie maku, ke Mawu ava aɖe mi tso Egiptenyigba sia dzi, eye wòakplɔ mi, miatrɔ ayi anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo la dzi.” 25Emegbe Yosef na Israel ƒe viwo ka atam nɛ be, “Mawu akpe ɖe mia ŋu be miatsɔ nye kukua tso afi sia ayi Kanaan.”
26Ale Yosef ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Wosi atike na eƒe kukua, eye wodee aɖaka me le Egipte.

Currently Selected:

1 Mose 50: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy