2 Mose 8
8
1Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si. Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. 2Ne ègbe la, maɖo akpɔkplɔwo ƒe hatsotso gãwo ɖa woava xɔ wò anyigba la dzi tso liƒo ɖeka dzi yi bubu dzi. 3Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me. 4Akpɔkplɔawo ata le wò ŋutɔ, wò amewo kple ŋuwòmewo katã dzi.’ ”
5Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be wòado eƒe atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo katã dzi le Egipte.” 6Aron wɔ nu sia, eye akpɔkplɔwo xɔ anyigba blibo la dzi. 7Ke akunyawɔlawo hã tsɔ woƒe ayemenuwɔwɔwo wɔ nenema, eye woawo hã na akpɔkplɔwo do ɖe anyigba la dzi.
8Tete Farao yɔ Mose kple Aron, heƒo koko na wo be, “Miɖe kuku na Yehowa be wòaɖe akpɔkplɔawo ɖa, ekema maɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasa vɔ nɛ.”
9Mose gblɔ be, “Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko.”
10Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.”
Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o. 11Akpɔkplɔawo katã atsrɔ̃ negbe esiwo le tɔsisi la me ko.”
12Ale Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ. Mose ɖe kuku na Yehowa le akpɔkplɔ siwo wòɖo ɖa la ŋu. 13Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si Mose do na Farao la dzi. Akpɔkplɔ kukuwo yɔ duwo godo kple aƒewo me siaa. 14Woli kɔ wo gleglegle, eye wohe ʋeʋẽ sẽŋu aɖe va anyigba blibo la dzi. 15Ke esi Farao kpɔ be woɖe akpɔkplɔawo ɖa ko la, egasẽ dzi me, eye wògbe asiɖeɖe le ameawo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.
Fukpekpe dziŋɔ etɔ̃lia: muwo
16Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ ƒo anyigba, eye ke siwo katã le Egiptenyigba dzi la atrɔ azu muwo.’ ” 17Mose kple Aron wowɔ nu si Mawu ɖo na wo la. Tete muwo xɔ Egiptenyigba blibo la dzi enumake, eye woƒo kɔ ɖe amewo kple woƒe lãwo katã dzi. 18Akunyawɔlawo dze agbagba be yewo hã yewoawɔ nu ma ke kple woƒe nunya ɣaɣlawo, gake azɔ ya la, womete ŋui o, eye muawo ɖu amewo kple lãwo siaa.
19Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.
Fukpekpe dziŋɔ enelia: togbatowo
20Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. 21Ne ègbe la, maɖo togbatowo ƒe ha gã aɖe ɖa woava Egiptenyigba blibo la dzi, axɔ wò kple wò dumegãwo kple wò amewo ƒe aƒewo me. Ale Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbatowo, eye woayɔ anyigba la ƒe afi sia afi.
22“ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi, 23elabena made vovototo wò amewo kple nye amewo dome. Dzesidede siawo katã ava eme etsɔ.’ ”
24Yehowa wɔ abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha gã aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi.
25Farao yɔ Mose kple Aron enumake hegblɔ na wo be, “Enyo; miyi miasa vɔ na miaƒe Mawu la, gake misa vɔ la le afii, le anyigba sia dzi, migayi gbedzi o.”
26Ke Mose ɖo eŋu be, “Eya masɔ o! Egiptetɔwo lé fu míaƒe vɔsawo. Ne míasa vɔ na Yehowa míaƒe Mawu le woƒe ŋkuta la, woawu mí. 27Ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, asa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma, abe ale si wòɖo na mí ene.”
28Farao ɖo eŋu be, “Enyo, maɖe mɔ na mi be miayi aɖasa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la, gake migayi didiƒe sãa o. Azɔ la, miɖe abla miaɖe kuku na miaƒe Mawu la ɖe tanye.”
29Mose lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Ne medzo le gbɔwò la, mabia Yehowa be wòana togbatoawo katã nabu. Ke mele nya gbem na wò be mègable mí azɔ, ado ŋugbe na mí be yeaɖe asi le ameawo ŋu, eye emegbe nàgatrɔ susu o.”
30Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa be wòaɖe togbatoawo ɖa.
31Eye Yehowa wɔ nu si Mose bia. Togbatoawo dzo le Farao kple eŋumewo kple eƒe amewo gbɔ; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meganɔ anyi o. 32Ke fifia gɔ̃ hã la, Farao gasẽ dzi me, eye melɔ̃ be yeaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o.
Currently Selected:
2 Mose 8: AL
Highlight
Share
Compare
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.