2 Mose 37:1-2
2 Mose 37:1-2 AL
Le esia megbe la, Bezalel tsɔ akasiati wɔ nubablaɖaka la. Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, ekeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye wotsɔ sika mimli do atsiã na eto kpe ɖo.


