YouVersion Logo
Search Icon

5 Mose Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Mose ƒe agbalẽ atɔ̃lia ƒo nu tso Mose ƒe nuƒo aɖewo na Israelviwo le Moab gbegbe la do ŋgɔ na woƒe gege ɖe Kanaanyigba la dzi ŋu. Se tɔxɛ aɖewo dede na Israelviwo kple Yosua, ame si xɔ ɖe Mose teƒe la tiatia. Mose ƒo nu tso nya siwo dzɔ va se ɖe gbe ma gbe la ŋu. Edo ŋusẽ Israelviwo be woaɖo to Mawu, awɔ ɖe eƒe sewo dzi. Egblɔ na wo be woagbugbɔ wo ɖokuiwo adzra ɖo hena dɔ si Mawu de asi na wo la wɔwɔ. Le esiawo megbe la, ekplɔ wo le mawusubɔsubɔ kple hadzidzi me. Esi Mose tia Yosua ɖo eɖokui teƒe vɔ la, edzo le ameawo gbɔ, eye esi wòkpɔ ŋugbedodonyigba la ɖaa tso adzɔge zi mamlɛtɔ la, eku. Le Mose ƒe ku megbe la, nu xoxoawo nu va yi, eye Israelviwo ƒe ŋutinya la ge ɖe dzidzime evelia ƒe asi me.
Emenyawo
Mose ƒe nuƒo gbãtɔ (1:1–4:43)
Mose ƒe nuƒo evelia (4:44–26:19)
Se vovovowo ƒe ƒuƒoƒo (27:1–28:68)
Mose ƒe nuƒo mamlɛtɔ kple ame si axɔ ɖe eteƒe la tiatia (29:1–32:43)
Mose ƒe nya mamlɛtɔwo kple eƒe ku (32:44–34:12)

Currently Selected:

5 Mose Ŋgɔdonya: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in