Kolosetɔwo Ŋgɔdonya
Ŋgɔdonya
Ɖikeke va ɖo kristotɔ siwo nɔ Kolose la dome le Kristo ƒe mawunyenye ŋu. Aʋatsonufiala aɖewo hã nɔ nu dada aɖewo fiam, eya ta Kolose kristotɔwo ɖo Epafrodito ɖa be wòasrã Paulo kpɔ le gaxɔ me, eye wòase eƒe susu tso Kristo ƒe mawunyenye kple nufiafia bubuwo ŋuti. Ale Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na Kolosetɔwo, ɖe nya me na wo, le aʋatsonufialawo ƒe nufiafia ŋuti, eye wòɖo kpe edzi na wo be Kristo nye Mawu le go ɖe sia ɖe me. Efia nu tso ale si wòle be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo, viwo kple dzilawo nanɔ agbe ɖe wo nɔewo ŋu la hã ŋuti.
Emenyawo
Kpɔkplɔyiɖeme (1:1-14)
Nufifia tɔxɛwo (1:15–2:23)
Agbenɔnɔ yeyea kple xoxoa tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo (3:1–4:6)
Taƒonyawo (4:7-18)
Currently Selected:
Kolosetɔwo Ŋgɔdonya: AL
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.