YouVersion Logo
Search Icon

2 Korintotɔwo Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Paulo ye ŋlɔ Korintotɔwo ƒe agbalẽ evelia hã. Gbeƒãɖeɖe Kristo hea fukpekpewo vaa ame dzi. Nenema ke wònɔ na Paulo hã. Wodo vloe, ƒoe, dee gaxɔ me eye ku gɔ̃ hã do ŋɔdzi nɛ ɣe aɖewo ɣi. Ke dzi meɖe le eƒo o. Korinto kristotɔ aɖewo tsɔ nya aɖewo ɖe Paulo ƒe ŋusẽ kple nufiafia ŋuti. Paulo ŋlɔ eƒe nuɖenyawo ɖe agbalẽ sia me, eye wòɖe eƒe dzidzɔkpɔkpɔ fia esime ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu la va se wo ɖokuiwo gɔme, eye wowɔ ɖeka kplii. Agbalẽ sia he akɔfafa geɖe vɛ na kristotɔ siwo nɔ Korinto.
Emenyawo
Ŋgɔdonya (1:1-11)
Paulo ƒe ɖokuitaʋiʋli (1:12–7:4)
Tomefafa va Korintotɔwo kple Paulo dome (7:5-16)
Mawu ƒe amenuveve na wo (8:1–9:15)
Paulo ƒo nu tso eƒe apostolonyenye kple eƒe ŋusẽ ŋu (10:1–13:10)
Yayra kple ŋusẽdoamenyawo (13:11-14)

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in