1 Samuel Ŋgɔdonya
Ŋgɔdonya
Samuel ƒe agbalẽ gbãtɔ kple evelia siaa wonye agbalẽ ɖeka le Hebritɔwo ƒe Biblia me, elabena wo me nyawo nye ŋutinya ɖeka si xlẽ Samuel, Saul kple David ƒe agbenɔnɔŋutinyawo fia. Woma wo ɖe akpa eve me be woanya xlẽ na amewo. Samuel ƒe agbalẽ gbãtɔ xlẽ Israelviwo ƒe aʋawɔwɔ kple Filistitɔwo kple ale si Saul mete ŋu ɖu futɔwo dzi le nuwuwu o la fia. Agbalẽ la dze egɔme kple ale si Filistitɔwo, ame siwo nye aʋawɔlawo, eye wodo liƒo kple Israelviwo la te Israelviwo ɖe anyii, eye wòɖe kplɔla gbãtɔ eveawo, Samuel kple Saul ƒe ɖoɖowo fia wo. Samuel nye kplɔla le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me, eye Saul va zu fia. Agbalẽa gaƒo nu tso ale si Saul ɖu Filistitɔwo dzi le gɔmedzedzea kple ale si nuwo megava dze edzi nɛ o eye wòku nublanuitɔe la ŋu. Nu si va xɔ Saul ƒe anyidzedze teƒee nye ɖekakpui, David ƒe dodo kple ale si wòva zu fia le Saul ƒe ku megbe.
Emenyawo
Eli, ame si nye nunɔla kple ʋɔnudrɔ̃la (1:1–4:22)
Samuel ƒe dɔwɔwɔ abe Nyagblɔɖila, nunɔla kple ʋɔnudrɔ̃la ene (5:1–7:17)
Saul ƒe fiaɖuɖu (8:1–31:13)
Currently Selected:
1 Samuel Ŋgɔdonya: AL
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.