1
Mateo 17:20
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Elabe miaƒe xɔse mesɔ gbɔ o. Nyateƒe tututu tom mele na mi be, ne miaƒe xɔse le abe atiku suetɔ kekeake ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be: ‘Ho tso afii nàyi ɖe afi mɛ ɖa!’ eye wòaho ayi. Naneke wɔwɔ maglo mi o.” [
Compare
Explore Mateo 17:20
2
Mateo 17:5
Esime wògale nu ƒom la, alilikpo keklẽ aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe ɖi tso alilikpo la me be: “Vinyee nye ame sia! Nyemelɔ̃a nu le egbɔ o; mekpɔ ŋudzedze blibo le eŋu. Miɖo toe!”
Explore Mateo 17:5
3
Mateo 17:17-18
Yesu gblɔ be: “O, dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi! Ɖe manɔ mia gbɔ ɖaa? Va se ɖe ɣe ka ɣi mado dzi ahe mi aɖase ɖo? Mikplɔ ɖevia va afii.” Tete Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta, eye wòdo go le ŋutsuvia me. Ale ŋutsuvia ƒe lã me sẽ enumake.
Explore Mateo 17:17-18