1
Mose I 37:5
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Gbe ɖeka Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo; tso ekema dzi la wogale fui ɖe dzi.
Compare
Explore Mose I 37:5
2
Mose I 37:3
Eye Israel lɔ̃ Yosef wu viaŋutsu bubuawo katã, elabena edzii le eƒe amegãkuku me, eye wòtɔ awu ʋlaya nɛ.
Explore Mose I 37:3
3
Mose I 37:4
Ke esi nɔviawo kpɔ bena, wo fofo lɔ̃nɛ wu wo katã la, wolée ɖe fu me, eye womegaƒoa nu nɛ nyuie o.
Explore Mose I 37:4
4
Mose I 37:9
Gbe ɖeka egaku drɔ̃e bubu, eye woli eya hã na nɔviawo bena: Megaku drɔ̃e be, ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ wode ta agu nam.
Explore Mose I 37:9
5
Mose I 37:11
Tso esia dzi la nɔviawo ʋã ŋui; ke fofoa dzra nya la ɖo.
Explore Mose I 37:11
6
Mose I 37:6-7
Egblɔ na wo bena: Miɖo to, ne miase drɔ̃e, si meku! Miele mɔli biam le agble me, tete nye mɔli babla tsi tre, eye wòdzɔ kã; kasiaa mia tɔwo va ƒo xlãe, eye wode la agu nɛ.
Explore Mose I 37:6-7
7
Mose I 37:20
Mina miawui, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe ɖoa ɖe me, eye míagblɔ bena, lã wodaa ɖe vuvui, ekema miakpɔ nusi eƒe drɔ̃e la ava zu.
Explore Mose I 37:20
8
Mose I 37:28
Ke Midian-sitsalawo va to wo ŋuti yi, eye woɖe Yosef le do la me hetsɔ dzra na Ismaeltɔwo klosalo blave, eye wokplɔ Yosef yi Egipte.
Explore Mose I 37:28
9
Mose I 37:19
Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mikpɔ drɔ̃ekula enye kem gbɔna ɖa!
Explore Mose I 37:19
10
Mose I 37:18
Ke esi wokpɔe le adzɔge, eye mekpɔ ɖo wo gbɔ haɖe o la, wode adaŋu le eŋu be, yewoawui le aye me.
Explore Mose I 37:18
11
Mose I 37:22
Tete Ruben gblɔ na wo bena: Migakɔ ʋua ɖeke ɖi o: ke boŋ mitsɔe de do kema, si le gbedzi la me, eye migade asi eŋu o! Elabena ele didim be, yeaxɔe le wo si, eye yeaɖoe ɖe fofoa.
Explore Mose I 37:22
YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy
Home
Bible
Plans
Videos