Ke esi ɣeyiɣi la de be Mawu, mía Ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la, eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me. Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi, eye wòna wòsɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía Ɖela wɔ la ta, ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbãgo la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wona mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ.