Tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me, to nu si nyo la wɔwɔ me. Ɖe nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me. Kpe ɖe esiawo ŋu la, wò nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o, ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.