1
Yesaya 51:12
Agbenya La
AL
“Nye, nye koe faa akɔ na mi. Ame kae nènye be nèle vɔvɔ̃m na amegbetɔ siwo le abe gbe ko ene?
2
Yesaya 51:16
Metsɔ nye nyawo de nuwò, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te. Nye ame si tsɔ dziƒowo ɖo wo teƒe heɖo anyigba gɔme anyi, eye megblɔ na Zion be, ‘Nye dukɔ nènye.’ ”
3
Yesaya 51:7
“Miɖo tom, mi ame siwo nya nu si le dzɔdzɔe. Mi ame siwo ƒe dziwo me nye se la le, migavɔ̃ amewo ƒe mokaname o, eye woƒe dzu megado ŋɔdzi na mi o
4
Yesaya 51:3
Yehowa afa akɔ na Zion godoo, eye anye kɔ akpɔ eƒe gli gbagbãwo kple dɔmetɔtrɔ. Atrɔ eƒe gbegbe wòazu Edenbɔ, eƒe kuɖinyigbawo abe Yehowa ƒe abɔ ene. Dzidzɔ kple vivisese anɔ afi ma eye akpedada kple hadzidzi hã anɔ afi ma.
5
Yesaya 51:11
Yehowa ƒe ame siwo woɖe la atrɔ agbɔ. Woage ɖe Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔkpɔkpɔ anye fiakuku anɔ woƒe tawo dzi. Vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.