1
Yesaya 50:4
Agbenya La
AL
Aƒetɔ Yehowa tsɔ nufiala ƒe aɖe nam be manya nya si matsɔ ado ŋusẽ ame si gbɔdzɔ lae. Enyɔam ŋdi sia ŋdi. Eʋua nye to be mase nu abe ame si wole nu fiam la ene.
2
Yesaya 50:7
Esi Aƒetɔ Yehowa, kpena ɖe ŋunye ta la, ŋu makpem o, eya ta mewɔ nye mo wòse abe hlihakpe ene, eye menya be ŋu makpem o.
3
Yesaya 50:10
Ame kae le mia dome si vɔ̃a Yehowa, eye wòwɔa eƒe dɔla ƒe nya dzi? Na ame si le viviti me zɔm, akaɖi mele esi o la naka ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, eye wòaɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋuti.