1
Hebritɔwo 4:12
Agbenya La
AL
Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.
Compare
Explore Hebritɔwo 4:12
2
Hebritɔwo 4:16
Eya ta mina míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe xaxaɣiwo.
Explore Hebritɔwo 4:16
3
Hebritɔwo 4:15
Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.
Explore Hebritɔwo 4:15
4
Hebritɔwo 4:13
Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.
Explore Hebritɔwo 4:13
5
Hebritɔwo 4:14
Eya ta esi nunɔlagã, Mawu Vi Yesu le mía si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe.
Explore Hebritɔwo 4:14
6
Hebritɔwo 4:11
Eya ta mina míadze agbagba ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma me, eye be ame aɖeke magatsi mɔta to tomaɖomaɖo me abe ŋgɔdoawo ene o.
Explore Hebritɔwo 4:11