1
Efesotɔwo 6:12
Agbenya La
AL
Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.
Compare
Explore Efesotɔwo 6:12
2
Efesotɔwo 6:18
Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta.
Explore Efesotɔwo 6:18
3
Efesotɔwo 6:11
Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu.
Explore Efesotɔwo 6:11
4
Efesotɔwo 6:13
Eya ta mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be ne ŋkeke vɔ̃ la ɖo la, miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe.
Explore Efesotɔwo 6:13
5
Efesotɔwo 6:16-17
Kpe ɖe esiawo katã ŋu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu la ɖe asi, elabena eyae miatsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene lae. Mitsɔ xɔxɔkpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene, eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi.
Explore Efesotɔwo 6:16-17
6
Efesotɔwo 6:14-15
Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta, eye mido afɔkpa siwo ana mianɔ klalo na gbeƒãɖeɖe ŋutifafanyanyui la.
Explore Efesotɔwo 6:14-15
7
Efesotɔwo 6:10
Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la.
Explore Efesotɔwo 6:10
8
Efesotɔwo 6:2-3
“Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo, “be wòadze edzi na wò nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi.”
Explore Efesotɔwo 6:2-3
9
Efesotɔwo 6:1
Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe.
Explore Efesotɔwo 6:1