1
Efesotɔwo 5:1-2
Agbenya La
AL
Eya ta mizu mawusrɔ̃lawo abe vi lɔlɔ̃wo ene, eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene.
Compare
Explore Efesotɔwo 5:1-2
2
Efesotɔwo 5:15-16
Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, Miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nyuie, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.
Explore Efesotɔwo 5:15-16
3
Efesotɔwo 5:18-20
Migano aha mu o, elabena ekplɔa ame dea hadzenuwɔwɔ me. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mia me. Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me. Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.
Explore Efesotɔwo 5:18-20
4
Efesotɔwo 5:17
Migawɔ nu abe bometsilawo ene o, ke boŋ midi nu si nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.
Explore Efesotɔwo 5:17
5
Efesotɔwo 5:25
Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta
Explore Efesotɔwo 5:25
6
Efesotɔwo 5:8
Tsã la, mienye viviti, gake azɔ la, mienye kekeli le Aƒetɔ la me. Minɔ agbe abe kekeli ƒe viwo ene.
Explore Efesotɔwo 5:8
7
Efesotɔwo 5:21
Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo abe bubudede Kristo ŋu ƒe dzesi ene.
Explore Efesotɔwo 5:21
8
Efesotɔwo 5:22
Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene.
Explore Efesotɔwo 5:22
9
Efesotɔwo 5:33
Ke hã la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu hã nade bubu srɔ̃a ŋuti.
Explore Efesotɔwo 5:33
10
Efesotɔwo 5:31
“Ɖe susu sia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòawɔ ɖeka kple srɔ̃a, eye wo ame eve la, woazu ŋutilã ɖeka.”
Explore Efesotɔwo 5:31
11
Efesotɔwo 5:11
Kadodo aɖeke meganɔ mi kple vivitimewɔna siwo nye tofloko la dome o, ke boŋ miɖe wo ɖe go.
Explore Efesotɔwo 5:11