1
Efesotɔwo 2:10
Agbenya La
AL
Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.
Compare
Explore Efesotɔwo 2:10
2
Efesotɔwo 2:8-9
Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me, menye nu siwo tso míawo ŋutɔ gbɔ o; ke boŋ enye Mawu ƒe nunana, menye le dɔ siwo miewɔ la ta o, be ame aɖeke naƒo adegbe o.
Explore Efesotɔwo 2:8-9
3
Efesotɔwo 2:4-5
Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la na agbe mí le Kristo me, togbɔ be míenye nu vɔ̃ wɔlawo hã la, amenuveve wòtsɔ ɖe mie.
Explore Efesotɔwo 2:4-5
4
Efesotɔwo 2:6
Eye Mawu fɔ mi ɖe tsitre kple Kristo, eye wòna míenɔ anyi kplii le dziƒonutowo me le Kristo Yesu me
Explore Efesotɔwo 2:6
5
Efesotɔwo 2:19-20
Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo, siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe gã la.
Explore Efesotɔwo 2:19-20