1
Daniel 7:14
Agbenya La
AL
Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple gãnyenye ƒe ŋusẽ nɛ eye amewo katã kple dukɔwo katã kple ame siwo tso gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la subɔe. Eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee, dziɖuɖu si nu matso o eye eƒe fiaɖuƒe nye esi womagbã gbeɖe o.
Compare
Explore Daniel 7:14
2
Daniel 7:13
“Le nye ŋutega me le zã me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee.
Explore Daniel 7:13
3
Daniel 7:27
Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’
Explore Daniel 7:27
4
Daniel 7:18
Ke Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo axɔ fiaɖuƒe la eye wòanye wo tɔ tegbee, ɛ̃, tegbetegbe.’
Explore Daniel 7:18