1
Daniel 6:10
Agbenya La
AL
Esi Daniel se be woŋlɔ se la kaka la, eyi ɖe eƒe aƒe me, ge ɖe eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòʋu fesrẽ siwo woʋuna dona ɖe Yerusalem gbɔ la da ɖi. Edzea klo, doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe, daa akpe na eƒe Mawu abe ale si wòwɔna tsã ene.
Compare
Explore Daniel 6:10
2
Daniel 6:22
Nye Mawu ɖo eƒe dɔla aɖe ɖa eye wòde ga nu na dzataawo. Womewɔ nuvevi aɖekem o elabena nyemeɖi fɔ aɖeke le Mawu ŋkume o eye nenema ke nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ le wò ŋkume o, O fia.”
Explore Daniel 6:22
3
Daniel 6:26-27
Nyee de se be le nye fiaɖuƒea me la, ame sia ame navɔ̃ eye wòade bubu Daniel ƒe Mawu ŋu. “Elabena eyae nye Mawu gbagbe la eye wòanɔ anyi tegbee; Womagbã eƒe fiaɖuƒe la o eye eƒe dziɖuɖu nu matso o. Eɖea ame eye wòxɔna na ame. Le dziƒowo kple anyigba dzi siaa. Eɖe Daniel tso dzatawo ƒe asi me.”
Explore Daniel 6:26-27
4
Daniel 6:16
Ale fia la ɖe gbe, wokplɔ Daniel vɛ eye wokɔe ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Fia la gblɔ na Daniel be, “Wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la naɖe wò!”
Explore Daniel 6:16