Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Naxum 1

1
Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, si bia hlɔ̃ Niniwe.
1Nya ɖe Niniwe ŋu: Naxum, Elkositɔ ƒe nyagblɔɖigbalẽ enye si. 2Mawu: ŋuʋãla kple hlɔ̃biala enye Yehowa; Yehowa biaa hlɔ̃, eye dzl kunɛ vevie; Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa nya ɖe dɔ me na eƒe futɔwo. 3Yehowa gbɔa dzi ɖi blewu, eye ŋusẽ gã le esi, ke megbea tohehe o. Yehowa ƒe mo to ahom kple ya ʋuduʋudu me, eye alilikpowo nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi. 4Eblu ɖe atsiaƒu: ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo katã ƒu kplakplakpla; Basan kple Karmel woyrɔ, eye Libanon ƒe numiemiewo yrɔ. 5Towo ʋuʋu le eŋgɔ, togbɛwo lólo gbanaa, eye anyigba kple xexeame kpakple emenɔlawo katã dzo kpekpekpe le eŋku me. 6Ameka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu, eye ameka ato ɖe eƒe dɔmedzoe heliheli nu? Etrɔ eƒe dziku ƒo ɖi abe dzo ene, eye agakpewo le wowom le eŋgɔ. 7Yehowa ƒe dɔme nyo, enye sitsoƒe le xaxagbe, eye wònya amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu. 8Ke ana tsi naƒo ɖi bababa, eye wòatsrɔ̃ eƒe nɔƒe, eye wòalsɔ viviti ayɔ eƒe fulɔwo ɖe nu.
9Tame ka miebe, yewoaɖo ɖe Yehowa ŋu? Ele nu tsrɔ̃ ge, eye xaxa maɖo ta ɖa zi evelia o. 10Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene. 11Gbɔwòe amesi ɖo tame vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye wòɖe adaŋu vlo la tso. 12Ale Yehowa ghlɔ esi; Ne ŋusẽ le wo ŋu, eye wosɔ ghɔ kpaŋ hã la, woasẽ wo ɖa, eye wo nu ayi; mehɔhɔ wo ɖe anyi, ke nyemagabɔbɔ wo ɖe anyi azɔ o. 13Azɔ maŋe eƒe kɔkutl ɖa le dziwò, eye matso eƒe kawo. 14Ke ŋuwò la, ale Yehowa ɖo ɖi enye si: Womagatsɔ wò ŋkɔ aƒã azɔ o; matsrɔ aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo ɖa le wò mawuwo ƒe me; maɖe yɔɖo na wò, elabena èle wodzoe akpa.

Iliyochaguliwa sasa

Naxum 1: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia