Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Mixa 7

7
Mawuvɔ̃la ʋeea ɖewo koe gali.
1Baba nam! Elabena ezu nam, abe alesi kutsetsegbeɣi kple weiuxaɣl nu yinae ene: weintsetsea ɖeke meli, ne woaɖu o, eye nye ve me le fiefiẽm ɖe kutsetse ŋgɔgbea ŋu. 2Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba ɖzi, eye ame dzɔdzɔea ɖeke megale amegbetɔwo dome o; wo kalã wode xa ɖe ʋu ŋu, eye woɖo ɖɔ na wo nɔewo. 3Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya. 4Ame nyuitɔ le wo dome le abe ŋu ene, eye nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu aŋɔka. Le wò gbetakpɔlawo ƒe ŋkekea dzi la tohehe ava na wò; azɔ tɔtɔ aɖo wo dome. 5Migaxɔ miaƒe zɔhɛ ɖzl se o, eye migaɖo dzi ɖe mia xɔlɔ̃ kutsimea ŋu o; kpɔ wò aɖe dzi le nyɔnu, si le akɔwònu la ghɔ. 6Ŋutsuvi aɖe alɔme le fofoa ŋu, eye nyɔnuvi atso ɖe dada ŋu; lɔ̃xoyɔvinyɔnu atso ɖe lɔ̃xoa ŋu, eye ŋutsu ƒe aƒemetɔwo anye eƒe futɔwo.
Mawu ƒe amenuveve ŋugbedodo le tohehe megbẽ.
7Ke nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu; nye Mawu ase nye gbe. 8Nye futɔ, meganɔ dzidzɔ kpɔm ɖe ŋunye, o; elabena ne medze anyi la, magafɔ, eye ne mebɔbɔ nɔ viviti me la, Yehowa ye nye nye kekeli. 9Mado dzi atsɔ Yehowa ƒe dziku, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, vaseɖe esime wòadrɔ̃ nye nya ahatso nam; akplɔm aɖo ɖe kekeli nu, eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋku. 10Nye ketɔ, amesi le gbɔgblɔm nam be: Afika Yehowa, wò Mawu, le hã la, akpɔe, eye ŋukpe alée. Nye ŋku aɖi ƒo ɖe eŋu, emegbe woafanyae abe ba le kpɔdomee ene.
11Ŋkeke la ghɔna, be woaɖo wò gliwo, eye wò liƒowo ate ayi adzɔge ʋĩ gbemagbe. 12Ɣemaɣi la amewo ava gbɔwò tso Asur vaseɖe Egipte-duwo gbɔ, eye tso Egipte vaseɖe Frat nu, tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, eye tso to ghɔ yi lo gbɔ. 13Ke anyigba anye gbegbe le edzinɔlawo ŋuti le woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse ta.
14Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene. 15Mana wòakpɔ nukunuwo abe gbesigbe nèʋu tso Egipte-nyigba dzi ene. 16Dukɔwo akpɔe, eye woƒe ŋusẽwo katã akpe ŋu na wo, woatsɔ asi aɖo nu, eye woƒe towo me atsi. 17Woaɖuɖɔ kewɔ abe dawo kple anyigba dzi nutatawo ene, eye woadzo nyanyanya aɖo atso woƒe mɔ̃wome; dzidzi aƒo wo woava Yehowa, mía Mawu la gbɔ, eye woavɔ̃ wò. 18Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò. 19Agakpɔ nublanui na mi, àxɔ aɖi le miaƒe vodadawo si, eye wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe. 20Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe alesi nèka atam na mía fofowo tso blema ŋɔli ke ene.

Iliyochaguliwa sasa

Mixa 7: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia