Hosea 14
14
Israel ƒe dzimetɔtrɔ, Mawu agayra Israel.
1Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.
2Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi. 3Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la! 4Asur mate ŋu axɔ na mí o, míagado sɔwo o, eye míagayɔ míaƒe asinudɔwɔwɔ be mía Mawu azɔ o, elabena gbɔwò nublanuikpɔkpɔ le na tsyɔ̃eviwe.“
5Mayɔ dɔ woƒe godzedze, eye malɔ̃ wo tso dzi me, elabena nye dɔmedzoe nu fa de wo ŋu. 6Mana na Israel abe zãmu ene, aƒo se abe dzogbenya ene, eye wòato ke abe Libanon ene. 7Eƒe alɔwo ava dranyi, adze ani abe amiti ene, eye wòaʋẽ lilili abe Libanon ene. 8Amewo aganu eƒe vɔvɔli te, eye woaƒã bli; woaƒo se abe weinka ene, eye woaxɔ ŋkɔ abe Libanon ƒe wein ene. 9Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le. 10Amesi nye nunyala la, nese nusia gɔme; amesi si gɔmesese le la, nedze sii! Elabena Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi; ke ame vɔ̃ɖiwo edze anyi; ɖe edzi.
Iliyochaguliwa sasa
Hosea 14: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.