Hosea 13
13
Ɖeɖe tso ku me. Nuvɔ̃ ƒe amegbegblẽ.
1Ne Efrayim ƒo nu la, ŋɔdzi ɖoa ame; eyae nye tatɔ nɔ Israel; ke eɖi fɔ to Baal dzi, eye wòku. 2Ke wogale nuvɔ̃wɔwɔ dzi; wotsɔ woƒe klosalowo kɔ nɔnɔmewoe, eye wotsɔ woƒe aɖaŋu wɔ legbawoe; gbede ƒe dɔwɔwɔ wo katã wonye; woawoe woƒoa nu na, eye vɔsalawo gbugbɔa nu na nyiviwo! 3Eyata woanɔ abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene, abe tsro, si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe, kple dzudzɔ, si toa fesre nu ene. 4Ke nyee nyee Yehowa, wò Mawu, tso Egipte-nyigba dzi ke, menye mawua ɖeke kpe ɖe ŋunye o, eye xɔnametɔa ɖeke meli abe nye ene o. 5Melé ŋku ɖe ŋuwò la gbegbe, le kuɖinyigba dzi. 6Esi wokpɔ gbeɖuƒe la, woɖu nu ɖi ƒo; eye esi woɖi ƒo la, woƒe dzi de esi dada me, eye woŋlɔm be. 7Eyata mezu dzata na wo, eye mede xa de mɔ to abe lãkle ene. 8Medze wo dzi abe sisiblisinɔ, si ŋu woɖe vi le la ene, maflo tsrokpa da le woƒe dzi ŋu, maɖu wo abe dzatanɔ ene, eye gbemelãwo avuvu wo.
9Israel, wò gbegblẽ wònye, be nètso de nye, wò xɔnametɔ ŋu. 10Afika wò fia le azɔ, ne wòaxɔ na wò le wò duwo katã me, eye afika wò ʋɔnudrɔ̃lawo le, amesiwo ŋu nègblɔ le be: „Na fia kple amegãwom?“ 11Mena fia wò le nye dɔmedzoe me, eye magaxɔe le nye dziku me.
12Wodzi Efrayim ƒe vodadawo goŋgoŋ, eye wotu nu ɖe eƒe nuvɔ̃ nu sesĩe. 13Alé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene; vi manyanu wònye, elabena ne azã de la, metoa vidzimɔ nu o. 14Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam! 15Elabena ne enye ati tseku le naviawo dome hã la, ɣedzeƒeya aƒo, Yehowa ƒe ahom atu tso gbegbe, ale be eƒe vudowo amie, eye eƒe tsidzɔƒewo aƒu, eye woaha eƒe kesinɔnu veviwo katã.
Iliyochaguliwa sasa
Hosea 13: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.