Daniel 9
9
Daniel do gbe ɖa ɖe Israel dukɔ la ta.
1Le Axasveros vi Dario, amesi tso Media-ƒome la me, eye wotsɔe do fiae ɖe Kaldea-fiaɖuƒe la nu ƒe ƒe gbãtɔ me, 2le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la nye Daniel melé ŋku ɖe agbalẽwo me ɖe ƒe, siwo ŋu Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Yeremya ɖo be, woanye ƒe blaadre ayi ɖe Yerusalem ƒe aƒedo ŋu la ƒe xexlẽme ŋu. 3Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko, 4Eye mede gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me gblɔ bena; Ao, Aƒetɔ, wò Mawu ga dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi! 5Míewɔ nuvɔ̃, míeda ƒu, eye míewɔ nu tovo, miese to, eye míeƒo asa na wò sewo kple wò ɖoɖowo. 6Míegbe toɖoɖo wò dɔla nyagblɔɖilawo, amesiwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo, mía fofowo kple dukɔ hahoo la katã. 7Aƒetɔ, tɔwò dzɔ, ke míawo kple Yuda-ŋutsuwo, Yerusalemtɔwo kple Israel blibo la, amesiwo le kpuiƒe kple didiƒe le anyigba, siwo katã dzi nenyã wo ɖo ɖo le ʋu, si wotrɔ le yowòme ta la, mía tɔe nye ŋukpe, abe alesi wòle egbe siawo ene. 8Aƒetɔ, mía kple míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo kple mía fofowo, mí amesiwo wɔ nuvɔ̃ de ŋuwò la, mía tɔe nye ŋukpe. 9Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu, 10míese Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe, ne míazɔ de eƒe nufiame, siwo wode asi na mí to eƒe dɔla nyagblɔɖilawo dzi la nu o. 11Israel blibo la da wò nufiamewo dzi, eye wòle de aga hegbe wò gbesese, eyata fiƒode kple atam, siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sea me la, va mía dzi, elabena míewɔ nuvɔ̃ de eŋu. 12Eye wòwɔ eƒe nya, si wògblɔ ɖe mía kple míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, siwo drɔ̃ ʋɔnu mí ŋu la dzi, be yeahe dzɔgbevɔ̃e, si meva me le dziƒo blibo la te kpɔ o la, ava mia dzii, abe alesi wodzɔ ɖe Yerusalem dzii ene. 13Dzɔgbevɔ̃e siawo katã va mía dzi, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe sea me ene; ke míeƒo koko na Yehowa, mía Mawu la, ne míaɖe asi le míaƒe vodadawo ŋu, eye míalé ŋku ɖe eƒe nyateƒe ŋu o. 14Mawu ƒe ŋku nɔ te ɖe dzɔgbevɔ̃e la ŋu, eye wòhee va mía dzi, elabena Yehowa, mía Mawu tɔ dzɔ le nusiwo katã wòwɔ la me; ke míawo míegbe toɖoɖo eƒe gbe. 15Azɔ Aƒetɔ, mía Mawu, wò amesi tsɔ alɔ sesẽ kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wòle egbe siawo ene, míewɔ nuvɔ̃, eye míewɔ nu tovo. 16Aƒetɔ, wò dɔmedzoe kple wò dziku nedzo ɖa le wò ɖu Yerusalem, wò to kɔkɔe la ŋu le wò dzɔdzɔenyenye blibo la ta; elabena miaƒe nuvɔ̃wo kple mía fofowo ƒe vodadawo ta Yerusalem kple wò dukɔ la zu alɔmeɖenu na amesiwo katã ƒo xlã mí la ɖo. 17Eyata, mía Mawu, se wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo la, eye nana wò ŋku me naklẽ de wò kɔkɔeƒe, si zu aƒedo la dzi; elabena wòe nye Aƒetɔ. 18Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae. 19Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.
Mawu ƒe ɖeɖefia le kwasiɖa blaadrea wo ŋuti.
20Esi megale nuƒoƒo dzi, mele gbe dom ɖa, mele nye nuvɔ̃wo kple nye dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo me ʋum, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le koko ƒom na Yehowa, nye Mawu la, ɖe nye Mawu ƒe to kɔkɔe la ta, 21esi megale gbe dom ɖa la, ŋutsu Gabriel, si mekpɔ le ŋutega me tsã la, dzo va gbɔnye le flẽvɔsaɣi. 22Efia num gblɔ bena: Daniel, ɖe meva be, mafia nu wò. 23Esi nèdze kokoƒoƒo gɔme la, nyaa de tso Mawu gbɔ, eye meva, be magblɔe na wò, elabena wolɔ̃ wò; eyata lé to ɖe nya la ŋu, eye nalé to ɖe ŋutega la hã ŋu. 24Kwasiɖa blaaɖre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvò nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ, woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi, eye woakɔ nu kɔkɔetɔ ŋu. 25Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi. 26Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu. 27Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka, eye le kwasiɖa afã me la atsi akpeɖavɔsa kple nuɖuvɔsa nu, eye ŋunyɔ, si mele gbɔgblɔ me o la, axɔ ɖe wo teƒe vaseɖe nuwuwu, si woɖo; emegbe woatrɔ gbegblẽ aƒo ɖe nugblẽla dzi.
Iliyochaguliwa sasa
Daniel 9: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili
Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: