Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Daniel 8

8
Ŋutega kpɔ kpɔ le Media-, Persia- kple Hela-fiaduƒe kpakple fiaa ɖe, si asẽ ŋuta le Mawu ƒe dukɔ la ŋuti ŋu.
1Le fia Belsazar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la nye Daniel mekpɔ ŋutega, abe esi mekpɔ tsa ene. 2Menɔ ŋutega la me yi Susan-mɔ̃, si le Elam-nyigba dzi la me, eye wòwɔ nam le ŋutega me abe Ulai-tɔsisi la to mele ene. 3Eye mefɔ kɔ dzi kpɔ agboa ɖe le tɔsisi la to, si to dzo legbee eve, ke ɖeka didi wu nɔvia, eye legbeetɔ enye mamletɔ, si to. 4Mekpɔ agbo la wòle dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe gome, eye lãa ɖeke menɔ te ɖe enu o, amea ɖeke mete ŋu xɔ ame le esi me o, ewɔ alesi dze eŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o. 5Esi meɖo ŋku anyi la, gbɔisua ɖe tso ɣetoɖoƒe gome va anyigba blibo la dzi, eƒe afɔ mele anyi kam o, eye gbɔ̃tsu la to dzo sesẽa ɖe ɖe ŋugbladome. 6Eva agbo dzoevee, si mekpɔ wòtsi tre ɖe tɔsisia to la gbɔ, eye wòlũ ɖe edzi kple ŋusẽ le dziku me. 7Mekpɔe wòɖo agbo la gbɔ, dzi kui ɖe eŋu, eye wòtu dzo agbo la heŋe eƒe dzo eveawo, eye ŋusẽ mele agbo la ŋu, ne wòanɔ te ɖe enu o; etutui ƒu anyi henyã avuzi le edzi, eye amea ɖeke mexɔ agbo la le esi me o. 8Gbɔ̃tsu la kpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o; eye esi ŋusẽ ɖo eŋu la, dzo gã la ŋe, eye dzo kako ene to de eteƒe ɖo ta dziƒo ƒe ya eneawo dzi. 9Dzo suea ɖe to tso wo dometɔ ɖeka me, eye wòlolo ŋutɔ ɖo la dziehe kple ɣedzeƒe gome kpakple anyigba nyo la gbɔ. 10Edo eɖokui ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu nuwo ŋuti, eye wòdudu dziƒo ŋu nua ɖewo kple dzinuviwo ƒo ɖe anyi henyã avuzi lewo dzi. 11Edo eɖokui de dzi de aʋakɔwo ƒe amegã hã ŋu, eye wòxɔ gbesiagbe vɔsa le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la. 12Wòtsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ho aʋa ɖe gbesiagbe vɔsa ŋu; elé nyateƒe ƒu anyi, eye eƒe nuwɔwɔ dze edzi nɛ. 13Eye mese ame kɔkɔea ɖe le nu ƒom; ame kɔkɔe la bia amea ɖe gblɔ bena: Ɣekaɣle gbesiagbe vɔsa kple nugblẽla ƒe nu vɔ̃di wɔwɔ, si va me le ŋutega me, be wotsɔ kɔkɔeƒe la kple aʋakɔwo na wofanya la, ava se ɖo? 14Eɖo ŋu nam bena: Aɖe fiẽ kple ŋɖi akpe blave vɔ etɔ̃, emegbe woagaɖo kɔkɔeƒe la te.
15Esi nye Daniel mekpɔ ŋutega sia la, medi be, mase egɔme, eye kpɔ ɖa, amea ɖe le tsitre ɖe ŋgɔnye le abe ŋutsu ene. 16Eye mese amegbetɔ ƒe gbe le Ulai titina wògblɔ bena: Gabriel, ɖe ŋutega la gɔme na ame sia! 17Eva afisi metsi tre ɖo, eye esi wova la, dzidzi ƒom metsyɔ mo anyi. Tete wògblɔ nam bena: Amevi, ƒu to anyi, ŋutega sia la, nuwuɣi ŋu wòle ɖo. 18Eye esi wole nu ƒom kplim la, ŋuzi tsɔm metsyɔ mo anyi. Tete wòka asi ŋunye hefɔm ɖe tsitrenu ɖe nɔnyeƒe. 19Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, maɖe nusi le dzɔdzɔ ge, ne dɔmedzoe wu enu la, afia wò; elabena nuwuɣi ŋu wòle ɖo. 20Agbo dzoevee, si nèkpɔ la, enye Media-kple Persia-fiawo. 21Gbɔ̃tsu la nye Hela-nyigba ƒe fia, eye dzo ga, si le ŋugbladome nɛ la, enye fia gbãtɔ. 22Eye esi dzo ene to ɖe ŋeŋea teƒe la, egɔme enye; Fiaɖuƒe ene atso dukɔ la me, ke womasesẽ aɖe eya nu o. 23Ne woƒe dziɖuɖu wu nu, eye nu vlo wɔwɔwo nu flɔ la, fia vlo, si dze aɖaŋu la, ado. 24Ŋusẽ anɔ eŋu, ke menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o, agblẽ nu eteƒe makɔ o, eye eƒe nuwɔwɔ adze edzi nɛ, eye wòatsrɔ ame geɖewo kple ame kɔkɔewo ƒe dukɔ la. 25Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, aɖo eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; aɖo eɖo kui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee. 26Fiẽ kple ŋdi ƒe ŋutega, si ŋu woƒo nu le na wò la, nyateƒee; dzra ŋutega la ɖo ɖe ta me, elabena eteƒe le didi ge. 27Nu le nye Daniel ŋu, eye melé dɔ ŋkekea ɖewo; emegbe mefɔ hewɔ fia ƒe dɔwo; eye esi ŋutega la ɖe ga nu nam la, amea ɖeke medze sii o.

Iliyochaguliwa sasa

Daniel 8: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia